Àte Ŋu Age Ðe “Ʋɔtru Gã, Si Na Dɔ Geɖe La” Mea?
1. “Ʋɔtru gã, si na dɔ geɖe” ame kae ʋu ɖi na mí?
1 Esi “woʋu ʋɔtru gã, si na dɔ geɖe la” na apostolo Paulo la, etsɔ dzonɔameme wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ tsɔ do Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ togbɔ be tsitretsiɖeŋula geɖewo nɔ anyi hã. (Kor. I, 16:9) Egbea le xexea me godoo la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela 642,000 aɖewo ge ɖe ʋɔtru gã ma si na dɔ geɖe ame la me heva zu gbe sia gbe mɔɖelawo.
2. Nu ka tae wònyo be míanɔ míaƒe nɔnɔmewo me dzrom tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi?
2 Nɔnɔmewo Trɔna: Togbɔ be nɔnɔme si me míele egbea ate ŋu awɔe be míanɔ geɖe wɔm o hã la, nɔnɔmeawo tea ŋu trɔna. Le esia ta la, anyo be míanɔ míawo ŋutɔ míaƒe nɔnɔmewo me dzrom kpɔ tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi, eye mele be míanɔ ɣeyiɣi nyuitɔ lalam o. (Nyagb. 11:4) Ènye sɔhɛ si eteƒe madidi o nàdo le sukua? Ðe nènye dzila si eteƒe madidi o viwòwo adze suku gɔmea? Èle dzudzɔxɔxɔ le dɔ me gogoma? Tɔtrɔ siawo ate ŋu ana ɣeyiɣi geɖe nasu asiwò, eye esia aɖe mɔ na wò be nàge ɖe gbe sia gbe mɔɖeɖedɔa me. Nɔvinyɔnu aɖe si dɔléle ɖe fu na kpɔ la, ɖoe be yeawɔ mɔɖeɖedɔa le eƒe 89 lia xɔxɔ me. Nu ka tae? Esi ƒe ɖeka kple edzivɔ va yi mede kɔdzi o la, ese le eɖokui me be yeƒe lãmesẽa aɖe mɔ na ye yeawɔ mɔɖeɖedɔa.
3. Asitɔtrɔ kawoe ame aɖewo wɔ bene woate ŋu awɔ gbe sia gbe mɔɖeɖedɔa?
3 Le Paulo gome la, eɖoe gbã be yeayi aɖasrã ye nɔvi siwo nɔ Korinto la kpɔ. Gake egbugbɔ asi trɔ le eƒe ɖoɖowo ŋu le nya nyui la ta. Ame geɖe siwo nye gbe sia gbe mɔɖelawo egbea wɔ asitɔtrɔ geɖe hafi te ŋu ge ɖe dɔ sia wɔwɔ me. Wo dometɔ aɖewo va nɔ agbe tsɛ nɔm ale gbegbe be ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ koe hiã bene woate ŋu akpɔ woƒe gazazã siwo dzi woɖe kpɔtɔ la gbɔ. Subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ si su wo si doa dzidzɔ na wo ŋutɔ. (Tim. I, 6:6-8) Atsu kple asi aɖewo wɔ tɔtrɔwo le woƒe agbenɔnɔ me ale be ŋutsua ɖeka pɛ koe wɔa dɔ, si wɔe be mɔnukpɔkpɔ su srɔ̃nyɔnua si be wòawɔ mɔɖeɖedɔa.
4. Nu kae míate ŋu awɔ ne míele vɔvɔ̃m be míate ŋu aɖo gaƒoƒonudidia gbɔ o?
4 Mègatso nya me enumake be yemate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa o le esi nèle vɔvɔ̃m be yemate ŋu aɖo gaƒoƒonudidia gbɔ o ta o. Gaƒoƒo eve kple nu vi aɖe koe hiã gbe sia gbe. Ne èle vɔvɔ̃m be yemate ŋu awɔe o la, dze agbagba nàwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti ɖeka alo eve, gake nàɖoe wò taɖodzinu be yeakpɔ gaƒoƒo 70. Esia ana naɖɔ dzidzɔ si le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me la akpɔ. (Ps. 34:9) Ðo dze kple ame siwo le mɔɖeɖedɔa wɔm fifia. Woanya ɖu kplamatsɛdonu siwo le abe tɔwòwo ene la dzi. (Lod. 15:22) Bia Yehowa be wòayra ɖe agbagba siwo dzem nèle be yeakeke yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu la dzi.—Yoh. I, 5:14.
5. Nu ka tae gbe sia gbe mɔɖeɖedɔa nye dɔ si ŋu viɖe le yome titi?
5 Dɔ Si Ŋu Viɖe Le Yometiti: Gbe sia gbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ hea viɖe geɖe vanɛ. Ana dzidzɔ gã si dona tso nu geɖe nana amewo me la nasu asiwò. (Dɔw. 20:35) Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ana nàbi ɖe ale si nàmã Mawu ƒe Nyaa me nyateƒe la me pɛpɛpɛ la me. (Tim. II, 2:15) Ana mɔnukpɔkpɔ geɖe nasu asiwò be nàkpɔ ale si Yehowa ƒe asi le dɔ si wɔm nèle la me adze sii. (Dɔw. 11:21; Fil. 4:11-13) Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò hã be nàtu gbɔgbɔmenɔnɔme aɖewo, siwo dometɔ ɖekae nye dzidodo la ɖo, eye akpe ɖe ŋuwò be nàte ɖe Yehowa ŋu. (Yak. 4:8) Ðe nàte ŋu age ɖe ʋɔtru gã si naa dɔ geɖe ame la me ahazu gbe sia gbe mɔɖela?