INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/05 axa 8
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 11/05 axa 8

Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ Nov. 1

“Numadzɔmadzɔwɔwɔ si yia edzi le xexeame egbea ɖea fu na ame geɖe. Èsusu be ame aɖe ate ŋu atrɔ xexea vavãa? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia ƒo nu tso nusiwo xea mɔ na tɔtrɔ sia ŋu. Eɖe amesi ko ate ŋu aɖe wo ɖa, kple alesi wòle xexe aɖe si me ŋutifafa vavãtɔ kple dedienɔnɔ anɔ he ge vɛ, hã fia mí.” Xlẽ Psalmowo 72:12-14.

Awake! Nov. 8

“Le xexeame godoo la, vovototo gã aɖe ŋutɔe le kesinɔtɔwo kple ame dahewo dome. Èsusu be nane li woawɔ atsɔ aɖe vovototo sia ɖaa? [Na wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Mateo 6:9, 10.] Magazine sia ɖe susu si ta míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava ɖe vovototo sia si le fu wɔm ameƒomea egbea ɖa la me.”

Gbetakpɔxɔ Nov. 15

“Ame geɖe biana wo ɖokuiwo be nukatae kuxi siwo le fu ɖem na ameƒomea dzi mele ɖeɖem kpɔtɔ o, ke boŋ gã ko dom wole ɖe edzi hã. Ðe nèbu eŋu kpɔ be ɖewohĩ anye be nya si mawunyakpukpui sia gblɔ gbɔe wòtsoa? [Xlẽ Nyaɖeɖefia 12:9. Emegbe na wòaɖo eŋu.] Magazine sia ƒo nu tso ayemɔ siwo dzi Abosam tona blea amewo, kple alesi míate ŋu atsi tre ɖe eƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ŋui la me.”

Awake! Nov. 22

“Togbɔ be anyigba wɔa nuɖuɖu gbogbo aɖe si ate ŋu asu amesiame nu hã, dɔ gale ame miliɔn 800 kple edzivɔ wum kokoko. Ðe esia mewɔ nublanui ŋutɔ oa? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia ɖe alesi wòle sesẽm ɖe edzi be woana nuɖuɖu naɖo du gãwo me la me. Eƒo nu tso xexe si me dɔwuame manɔ o si ƒe ŋugbe Biblia do hã ŋu.” Xlẽ Psalmo 72:16a.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe