INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/05 axa 7
  • Mɔ Kawo Nue Míate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu Le?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mɔ Kawo Nue Míate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu Le?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Yehowa Ðasefowo Naa Kpekpeɖeŋu Ame Siwo Ŋu Dzɔdzɔmefɔkuwo Gblẽ Nu Lea?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • “Na Nu Yehowa”
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Kpekpeɖeŋunana Ƒe Subɔsubɔdɔ La
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • Ale Si Míana Kpekpeɖeŋu Ne Afɔku Dzɔ
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 11/05 axa 7

Mɔ Kawo Nue Míate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu Le?

1 Zi geɖe ne Yehowa Ðasefowo se be afɔku aɖe dzɔ le xexeame ƒe akpa aɖe la, wobiana be mɔ kawo nue yewoate ŋu ana kpekpeɖeŋu le hã. Abe alesi nuŋlɔɖi si le Dɔwɔwɔwo 11:27-30 fia ene la, ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ɖo kpekpeɖeŋu nunanawo ɖe nɔvi siwo nɔ Yudea esime dɔ to.

2 Le egbeŋkekea me la, ɖoɖo siwo nu míaƒe habɔbɔa zɔna ɖo le se nu ɖe mɔ be míazã ga ɖe dɔmenyodɔwo kple kpekpeɖeŋu nana amesiwo dzi dzɔdzɔmefɔkuwo alo afɔku siwo amegbetɔwo he vɛ la dzɔ ɖo kpakple nudzɔdzɔ bubu siwo hiã na kpekpeɖeŋu la ŋu.

3 Le kpɔɖeŋu me, le ƒe si va yi me la, nɔvi geɖe dzɔ nu hena kpekpeɖeŋu nana amesiwo dzi afɔku dzɔ ɖo le Anyiehe Asia esime anyigbaa ʋuʋu le atsiaƒu gɔme hena tsi ɖe amewo. Míekpɔ ŋudzedze ɖe alesi nɔviawo ƒe dzi ʋã wo wodzɔ nu be habɔbɔa natsɔ ana kpekpeɖeŋu amesiawoe la ŋu ŋutɔ. Ke hã ne woɖo nudzɔdzɔwo ɖa le afɔku aɖe koŋ ta la, dukɔ aɖewo ƒe se bia be woazã nudzɔdzɔ mawo ɖe taɖodzinu si ta nudzɔlaa ɖoe ɖa la ko ŋu le ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe me, nenye be wokpɔ mía nɔvi siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo ƒe nuhiahiãwo gbɔ le nutoa me vɔ xoxo gɔ̃ hã.

4 Le susu sia ta la, míele ekafum be miaɖo dɔmenyodɔwo kple kpekpeɖeŋu nana ŋuti nudzɔdzɔwo ɖa to xexeame katã ƒe dɔa ƒe nudzɔɖoɖoa dzi. Míezãa ga sia ɖe kpekpeɖeŋunadɔwo kple ɖe nɔvi Kristotɔwo ƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo siaa gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Ne le susu aɖe ta ame aɖe di be yeadzɔ nu hena kpekpeɖeŋunadɔ aɖe wɔwɔ, to vovo na xexeame katã ƒe dɔa ŋuti nudzɔdzɔ la, míaxɔe azã le afisiafi si kpekpeɖeŋunadɔ aɖe hiã le. Ke hã, anyo wu be woaɖo nudzɔdzɔ siawo ɖa, eye nudzɔlaa nagagblɔ alesi woazã woe kple afisi ko woazã wo le o.

5 Nusitae míedi be míadzɔ nu to xexeame katã ƒe dɔa ƒe nudzɔɖoɖoa koŋ dzi enye be, enana be ga nɔa anyi míezãna ɖe Fiaɖuƒedɔa ƒe akpa vovovoawo ŋu tsɔ wu be míadae ɖi be míava zã ɖe kpekpeɖeŋunadɔwo ɖeɖeko ŋu le etsɔme. Esia wɔ ɖeka kple gɔmesese si le Efesotɔwo 4:16 ŋu, be míawɔ ɖeka ana nusi hiã ‘hena ŋutilã la ƒe tsitsi kple tutu le lɔlɔ̃ me.’

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe