KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
“Na Nu Yehowa”
Mɔ ka nue ‘míalɔ̃ faa le mía ɖokui si egbea be míana nu Yehowa’ le? (1Kr 29:5, 9, 14) Mɔ vovovo siwo dzi míate ŋu ato ana nu faa be woatsɔ akpe asi ɖe dɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le le xexea me katã ŋu ƒe ɖewoe nye esiawo.
WOZÃA NU SIWO MÍEDZƆ TO INTERNET DZI ALO DE NUDZƆÐAKAWO ME NA:
XEXEA ME KATÃ ƑE DƆA
alɔdzedɔwɔƒewo kple gbegɔmeɖedɔwɔƒe siwo mele alɔdzedɔwɔƒea o eye wotsɔnɛ kpɔa woƒe dɔwo gbɔ
teokrasisukuwo
ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo
ame siwo dzi afɔkuwo dzɔ ɖo
agbalẽwo tata, wɔa videowo kple agbalẽ siwo le mɔ̃ dzi
HAMEA ƑE NUHIAHIÃWO GBƆ KPƆKPƆ
hamea ƒe nuzazãwo abe tsife, akaɖife kple beléle na Fiaɖuƒe Akpata ene
adzɔgbe siwo hamea ɖe be yewoanɔ ga aɖe ɖom ɖe alɔdzedɔwɔƒea woatsɔ akpe asi ɖe:
Fiaɖuƒe Akpata kple Takpexɔwo ŋu le xexea me godoo
Xexea Me Katã Ƒe Kpekpeɖeŋunaɖoɖoa ŋu
xexea me katã ƒe dɔ bubuwo ŋu
TAKPEKPE GÃWO KPLE TAKPEKPE SUEWO
Woɖoa ga siwo míedzɔ na nutome gã takpekpewo ɖa be woatsɔ akpe asi ɖe xexea me katã ƒe dɔa ŋu. Wozãa ga siwo míedzɔ hena xexea me katã ƒe dɔa tsɔ kpea asi ɖe nutome gã takpekpewo, takpekpe tɔxɛwo kple dukɔwo dome takpekpewo ŋu.
Wozãa nu siwo míedzɔ na nutome suea tsɔ hayaa nu siwo hiã, wogazãnɛ tsɔ kpɔa takpekpewɔƒewo kple nutome suea ƒe gazazã bubuwo gbɔ. Nutome sue aɖe ate ŋu aɖoe be yewoaɖo yewoƒe nutome suea ƒe ga aɖe si susɔ ɖa be woatsɔ akpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔa dzi.