KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Míedaa Akpe Na Yehowa Ðe Lɔlɔ̃ Si Mieɖena Fiana Ta
Togbɔ be nɔvi siwo nɔ Tesalonika hamea me nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom hã, woɖe lɔlɔ̃ fia wo nɔvi Kristotɔwo. Eya ta apostolo Paulo ɖee gblɔ le 2 Tesalonikatɔwo 1:3, 4 be yekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu ale gbegbe. Yehowa ƒe ame siwo li egbea hã ɖea lɔlɔ̃ ma ke fiana wo nɔviwo le xexea me godoo. Jw.org nyati siwo dze le “Ale Si Wozãa Wò Nudzɔdzɔwoe” tea gblɔ mɔ vovovo siwo nu wozãa wò nudzɔdzɔwo le tsɔ kpena ɖe mía nɔviwo ŋu le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. Míekpɔ ŋudzedze ɖe miaƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyonunanawo ŋu ale gbegbe.
MIKPƆ VIDEO SI NYE ‘MÍEDAA AKPE NA MAWU ƔESIAƔI ÐE MIA TA,’ EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:
• Dɔ siwo gbɔ wotsɔa míaƒe nudzɔdzɔwo kpɔna dometɔ aɖewo ɖe?
• Mɔ kae nye nyuitɔ si dzi míato ana ga be woatsɔ akpe ɖe mía nɔvi siwo hiã tu ŋu?—Kpɔ jw.org nyati si nye “Wogbãa Kpowo Tsɔ Xea Ʋewo” hã