Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Dzadzraɖo Nyuie Me
1 Dzadzraɖo nyuie ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu kpena ɖe mía ŋu be míetsɔa ɖe le eme na amewo nyuie wu. Nukatae wòle alea ɖo? Ne míedzra ɖo nyuie la, míatsi dzi ɖe nya si míagblɔ na aƒemenɔlaa ŋu fũ o eye esia awɔe be míatsɔ ɖe le eme na amewo nyuie wu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ekpena ɖe mía ŋu be míetsia dzi le mía ɖokui me fũ akpa o, eye enana be míeƒoa nu tso dzi me faa. Ke aleke míate ŋu adzra dzeɖonya si awɔ dɔ nyuie ɖo?
2 Zã Dzeɖonya si Sɔ: Tia kpɔɖeŋu dzeɖonyawo dometɔ aɖe si asɔ na miaƒe nutoa me tɔwo la le January 2005 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me, eye nàde ŋugble le alesi nàgblɔe le wò ŋutɔ wò nyagbewo me ŋu. Trɔ asi le eŋu wòasɔ na miaƒe anyigbamamaa. Le kpɔɖeŋu me, ne miedoa go subɔsubɔha aɖe me tɔwo alo gbe bubu aɖe dolawo edziedzi la, de ŋugble tso nya siwo me woatsɔ ɖe le vevie la ŋu. Asitɔtrɔ le wò dzeɖonyaa ŋu be wòasɔ na amesiwo nèɖoa dze kplii la ɖenɛ fiana be nètsɔ ɖe le eme na wo vavã.—Kor. I, 9:22.
3 Ne èdze ɖaseɖinya aɖe zãza gɔme la, nɔ asi trɔm le eŋu be wòanyo ɖe edzi. Esi wònye be nya siwo míetsɔ dzea dzeɖoɖo gɔme le vevie ŋutɔ ta la, anyo be nàlé ŋku ɖe alesi amewo wɔa nui ɖe wò ŋgɔdonyawo ŋu la ŋu. Ðe wotsɔa ɖe le nya si gblɔm nèle la mea? Ðe woɖoa nya siwo nèbiana la ŋua? Ne womekpɔa gome le dzeɖoɖoa me o la, ekema yi edzi nànɔ asi trɔm le dzeɖonyaa ŋu vaseɖe esime nàkpɔ esi awɔ dɔ ɖe wo dzi wu.
4 Ŋkuɖodzinuwo: Esesẽna na ame geɖe be woaɖo ŋku dzeɖonyawo dzi ne woɖo aƒemenɔlaa gbɔ. Ne nenemae wòle le gowòme la, ɖe nète ewɔwɔ fia nɔvi bubu aɖe enuenu kple susu be dzeɖonyaa natsi susu me na wò nyuie kpɔa? Esia akpe ɖe ŋuwò be nya veviawo natsi susu me na wò nyuie eye àte ŋu agblɔ wo bɔbɔe, le ɖoɖo nyui nu. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò hã be nànɔ dzadzraɖo ɖi akpe akɔ kple nɔnɔme ɖesiaɖe si amewo aɖe fia eye nànya alesi nàwɔ atrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu nyuie wu.
5 Ŋkuɖodzinu bubu si agakpe ɖe ŋuwòe nye be nàŋlɔ dzeɖonyaa me nya vevi ʋɛ aɖewo ɖe agbalẽvi aɖe me ahada ŋku ɖe eme esi nèle tetem ɖe aƒe aɖe ŋu. Ame aɖewo kpɔe be ewɔwɔ alea kpena ɖe yewo ŋu yewoɖea dzi ɖi heɖoa dze kple aƒemenɔlaa nyuie wu. Dzadzraɖo nyuie do ŋgɔ alea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatsɔ ɖe le eme na amewo nyuie wu eye wòana míaƒe nyanyuia gbɔgblɔ naganyo ɖe edzi.