Na Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Gbalẽa Sɔsrɔ̃ Navivi Nuwò
1 Nu dodzidzɔname siwo yi edzi le “Toɖoɖo Mawu” Nutome Gã Takpekpea me dometɔ ɖekae nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa ɖeɖe ɖe go. Madidi o, eyae anye agbalẽ si koŋ míanɔ zazãm le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me le gbeadzi. Le esia ta, ahiã be míanya agbalẽ yeye sia me nyawo nyuie. Esi míasrɔ̃e le míaƒe Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ si gɔme míadze tso April 17, 2006 me ta la, míava nya eme nyawo nyuie.
2 Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla ahe míaƒe susu ayi nyabiase siwo le ta ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze dzi. Emegbe woazã nyabiase siwo le axa ɖesiaɖe te la le nua sɔsrɔ̃ me. Míaxlẽ mawunyakpukpui veviwo ahadzro wo me, eye aɖaka si ƒe tanyae nye “Nusi Biblia Fia” si le ta ɖesiaɖe ƒe nuwuwu la me dzodzro akpe ɖe mía ŋu le nusɔsrɔ̃a me toto me, elabena nyabiase siwo le ta ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze ƒe ŋuɖoɖo siwo wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzie le aɖakaawo me. Nyaŋuɖoɖo ado dzidzɔ na wò, elabena agbalẽ sia ɖe nyaawo me wo me kɔ nyuie, hele bɔbɔe, eye wolé dzi na ame.
3 Nyati vovovowo ŋuti numeɖeɖe siwo de to la le agbalẽ sia ƒe megbenyawo me. Míate ŋu azã numeɖeɖe siawo atsɔ aɖo nya ŋu na Biblia-nusrɔ̃vi siwo ahiã numekɔkɔ geɖe wu le nyati aɖewo ŋu. Míadzro megbenyawo ƒe akpa aɖewo me le Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃a me. Nuxlẽlaa axlẽ megbenyawo me nyati si me míadzo la ŋuti numeɖeɖeawo katã, gake woate ŋu ama numeɖeɖe siwo didi akpa la me axlẽ. Nyabiasewo mele megbenyawo ŋu o. Gake nusɔsrɔ̃dzikpɔlaa ate ŋu abia nya siwo ana vavalawo naɖe susu vevi siwo le numeɖeɖea me ɖe go.
4 Míasrɔ̃ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa wòatsɔ vie le Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe. Gake ne míele esrɔ̃m kple amewo la, ahiã be míagbɔ dzi ɖi, vevietɔ na amesiwo menya nu boo tso Biblia ŋu, alo womenya naneke kura tso eŋu o. (Dɔw. 26:28, 29) Ne míele aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm la, ahiã be míadzro ŋɔŋlɔawo me tsitotsito wu, ahaɖe kpɔɖeŋuwo me nyuie. Eyata ɖoe be nàde agbalẽ me nusrɔ̃ƒe kwasiɖa ɖesiaɖe eye be nàkpɔ gome bliboe le Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa sɔsrɔ̃ me.