Biblia ƒe Nufiafia Gbalẽa—Eya Koŋue Míatsɔ Asrɔ̃ Nu Kple Amewo
1 Dzi dzɔ mí ŋutɔ esi woɖe agbalẽ yeye si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? la ɖe go le “Toɖoɖo Mawu” Nutome Gã Takpekpea me! Dzi dzɔ vavalawo esi woxɔ agbalẽ sia le Memleɖagbe ƒe wɔnawo megbe. Aleke míazã agbalẽ yeye siae? Wotrɔ asi le eŋu be míazã eya koŋ atsɔ asrɔ̃ nu kple amewo. Togbɔ be April mee míadze agbalẽ yeye sia nana gɔme hã la, míele dzi dem ƒo na gbeƒãɖelawo be woate ŋu adze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme le agbalẽ sia me tso fifia dzi.
2 Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Wɔm Míele Fifia: Ele be gbeƒãɖela siwo le Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔm le Sidzedze-gbalẽa alo Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa me nawɔ nyametsotso nyuiwo le alesi woatrɔ nusɔsrɔ̃a ayi agbalẽ yeyea me kple ɣeyiɣi si woadze egɔme la ŋu. Ne miedze nusɔsrɔ̃ wɔwɔ le agbalẽ siwo zãm míele xoxo gɔme eteƒe medidi o la, anyo be miagbugbɔ adze egɔme kple agbalẽ yeyea. Ne miewɔ nusɔsrɔ̃ geɖe le Sidzedze-gbalẽa me xoxo la, anyo be miatrɔ ɖe tanya si sɔ kple esi srɔ̃m miele la ŋu le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me. Gake ne ekpɔtɔ vie miawu Sidzedze-gbalẽa sɔsrɔ̃ nu la, ke miate ŋu ayi esɔsrɔ̃ dzi faa.
3 Mí katã míenya ame geɖe siwo Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa sɔsrɔ̃ aɖe vi na godoo. Eyata anyo be míado Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ le agbalẽ sia, si ŋu wotrɔ asi le be wòakpe ɖe amewo ŋu be woƒe sidzedze Biblia me nyateƒea nanɔ dzidzim ɖe edzi, me la ɖe amewo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, amesiwo wosrɔ̃ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa alo Sidzedze-gbalẽa kpli vɔ, gake womewɔ ŋgɔyiyi ɖo adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ o la, adi be woasrɔ̃ agbalẽ yeyea hã kpli yewo. Dzilawo ate ŋu azã agbalẽ yeye sia atsɔ aƒã Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋuti sidzedze vavãtɔ ɖe wo viwo me.—Kol. 1:9, 10.
4 Agbalẽ Evelia Sɔsrɔ̃: Ðe wowɔ ɖoɖo aɖe be míagasrɔ̃ agbalẽ bubu aɖe kple Biblia-nusrɔ̃viwo le agbalẽ yeye si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? sɔsrɔ̃ vɔ megbea? Ẽ, wowɔ ɖoɖo be míate ŋu asrɔ̃ agbalẽ si nye Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La kple nusrɔ̃vi siwo ƒe ŋgɔyiyi wɔwɔ le blewu, evɔ edze ƒã be wole ŋudzedze kpɔm ɖe nusi srɔ̃m wole ŋu. Míeka ɖe edzi be Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa anye dɔwɔnu nyui aɖe si míazã le míaƒe nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me.—Mat. 28:19, 20.