Akpa 1—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
Nukae Nye Biblia-nusɔsrɔ̃?
1 Le xexeame godoo la, Mawu ƒe amewo wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ ɣleti ɖesiaɖe kple amesiwo ade miliɔn ade. Ne míezãa nufiafiamɔnu nyuiwo la, míate ŋu akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃vi siawo ŋu be woaɖe adzɔgbe axɔ nyɔnyrɔ eye ‘woadze nyuie be woafia nu ame bubuwo hã.’ (Tim. II, 2:2) Ðe nàdi be yeakpe ɖe wò nusrɔ̃vi ŋu wòawɔ ŋgɔyiyi sia ƒomevia? Le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ sia kple esiwo akplɔe ɖo me la, nyati aɖewo ava ɖe wo nɔewo yome siwo aɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo yia ŋgɔ wɔwɔ ƒe akpa veviwo me.
2 Ɣeyiɣi si Woabu Biblia-nusɔsrɔ̃ Ŋuti Kɔnta: Ne èɖoa dze tso Biblia me edziedzi kple ame aɖe ɖe ɖoɖo aɖe koŋ nu metsɔ le eme be dzeɖoɖoa le kpuie o, si me nèzãa Biblia kple agbalẽ siwo wokafu na mí dometɔ ɖeka le ko la, Biblia-nusɔsrɔ̃ enye ma wɔm nèle. Ne ʋɔtru nu koe mietɔ ɖo alo ne telefon dzie mieƒo nu le kura gɔ̃ hã la, Biblia-nusɔsrɔ̃e. Ne miesrɔ̃ nu zi eve le esi nèɖe alesi wowɔa nusɔsrɔ̃a me na aƒemenɔlaa vɔ megbe eye ne èka ɖe edzi be nusɔsrɔ̃a ayi edzi ko la, ekema àte ŋu abu eŋuti kɔnta.
3 Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa kple Sidzedze-gbalẽae míezãna zi geɖe tsɔ wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃woe. Ne wosrɔ̃ agbalẽ eve siawo vɔ, eye míekpɔ be nusrɔ̃via le ŋgɔyiyi wɔm, togbɔ be manɔ tsɔtsɔm kabakaba o hã, eye ne ele ŋudzedzekpɔkpɔ ɖem fia ɖe nusi srɔ̃m wòle ŋu la, ekema míate ŋu ayi nusɔsrɔ̃a dzi le Subɔ Mawu ƒe agbalẽa me kplii. Woate ŋu asrɔ̃ Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃! ƒe agbalẽ gbadzaa kple amesiwo mede suku yi ŋgɔ o alo menya nuxexlẽ tututu o.
4 Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu wova zu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la vavãwo. (Mat. 28:19, 20) Ne ètsɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le nyati siwo akplɔ esia ɖo me si woata ɖe wo nɔewo yome de dɔwɔwɔ me la, àte ŋu awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo yia ŋgɔ.