Akpa 12—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
Kpekpe Ðe Nusrɔ̃viwo Ŋu be Woadze Biblia-Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ Gɔme Ahayi Edzi
1 Ne míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo dze gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, Biblia-nusrɔsrɔ̃ gɔmedzedze kple edziyiyi le wo ɖokui si ŋu bubu ate ŋu ana woanɔ vɔvɔ̃m. Aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋu be dzi nanɔ wo ƒo ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa vevi sia wɔwɔ ŋu?—Mat. 24:14; 28:19, 20.
2 Ne Biblia-nusrɔ̃vi aɖe dze be wòazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ la, anɔ eme be ele gome kpɔm le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me xoxo. Hehe si wòxɔ le sukua ƒe dɔdasiwo dzadzraɖo kple wo wɔwɔ me akpe ɖe eŋu be wòatu nufiafiaɖaŋu siwo hiã la ɖo be wòanye “dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi mã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ.”—Tim. II, 2:15.
3 Na Wòasrɔ̃ Wò Kpɔɖeŋu: Yesu na hehe eƒe nusrɔ̃lawo to mɔfiame siwo me kɔ nyuie nana kple ye ŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo ɖi me. Egblɔ be: “Amesiame si wofia nui la, lanɔ abe eƒe nufiala ene.” (Luka 6:40) Yesu sɔsrɔ̃ to kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo ɖi le wò subɔsubɔdɔa me dzi le vevie ŋutɔ. Ne wò nusrɔ̃via le ŋku lém ɖe wò kpɔɖeŋua ŋu le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, ase egɔme be susu si ta míewɔa tɔtrɔyiwo ɖo enye be míadze Biblia-nusrɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme.
4 Ðe eme nɛ be, zi geɖe la, ne míedo nusrɔsrɔ̃ wɔwɔ ɖe aƒemenɔlaa gbɔ la, mahiã be míaɖe nusrɔsrɔ̃a wɔwɔ ŋuti ɖoɖowo me na amea tsitotsito o. Memama ɖeka alo eve sɔsrɔ̃ le nusrɔ̃gbalẽa me kple amea ye nye mɔ nyuitɔ si dzi míato ana aƒemenɔlaa nakpɔ alesi míewɔa nusɔsrɔ̃ae. Àkpɔ alesi nàte ŋu awɔ esiae ƒe aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ sia ƒe axa 8 lia kple January 2002 tɔa ƒe axa 6 lia.
5 Ne anya wɔ la, na wò nusrɔ̃via nazɔ kpli wò ne èyina Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe wɔ ge alo na woa kple gbeƒãɖela bibi bubu aɖe nayi. Ate ŋu akpɔ gome le memama aɖewo alo mawunyakpukpui vevi aɖewo me ɖeɖe me. To ŋkuléle ɖe nu ŋu alea dzi la, nusrɔ̃via ava nya nu geɖe tso alesi wowɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo yia ŋgɔe ŋu. (Lod. 27:17; Tim. II, 2:2) Nɔ ekafum eye nànɔ alesi wòawɔe be wòaganyo ɖe edzi wu la me dzrom kplii.
6 Hehenana gbeƒãɖela yeyewo be woava zu Mawu ƒe Nya la fialawo adzra wo ɖo ɖe Biblia-nusrɔsrɔ̃ gɔmedzedze kple ewɔwɔ le wo ɖokui si ƒe “dɔ nyui” la ŋu. (Tim. II, 3:17) Dzidzɔ ka gbegbe enye esi wònye na mí be míawɔ dɔ kpli wo ɖekae ahanɔ amewo kpem lɔlɔ̃tɔe be: “Amesi lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la no faa”!—Nyaɖ. 22:17.