Nyabiaɖaka
◼ Agbalẽ eve kawoe wòle be míasrɔ̃ kple míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo?
Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ye nye agbalẽ vevitɔ si míezãna tsɔ dzea Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme heyia ewɔwɔ dzi. Togbɔ be míate ŋu azã agbalẽ bubuwo, abe trakt aɖe si sɔ ene, atsɔ adze nusɔsrɔ̃ gɔme hã la, ele be míadze agbagba atrɔ nusɔsrɔ̃a ayi ɖe Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me kaba. Nu nyui ɖedzesiwo do tso Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa tsɔtsɔ dze nusɔsrɔ̃wo gɔmee me.
Ne nusrɔ̃via srɔ̃ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa wu enu eye wòle ŋgɔyiyi nyuiwo wɔm ko la, ele be míasrɔ̃ Subɔ Mawu ƒe agbalẽa kplii. (Kol. 2:7) Agbalẽ ma ƒe axa 2 lia gblɔ taɖodzinu si le eŋu ale: “Biblia de dzi ƒo na ame sia ame si lɔ̃ Mawu la vevie be ‘wòase’ eƒe nyateƒe xɔasiwo ƒe ‘kɔkɔme kple goglome gɔme tsitotsito.’ (Efesotɔwo 3:18) Taɖodzinu sia tae míeta agbalẽ sia ɖo. Enye míaƒe mɔkpɔkpɔ be akpe ɖe ŋuwò nàtsi le gbɔgbɔ me eye wòadzra wò ɖo nàsu te nyuie be nàzɔ mɔ xaxɛ si kplɔa ame yia agbe me le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenyexexe yeyea me la dzi.”
Ne nusrɔ̃via ɖo nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe nudidiwo gbɔ evɔ mewu agbalẽ eveawo sɔsrɔ̃ nu o la, ele be wòayi nusɔsrɔ̃a dzi va se ɖe esime wòawu wo sɔsrɔ̃ nu. Nenye be nusrɔ̃via xɔ nyɔnyrɔ gɔ̃ hã la, eƒe nufialaa ate ŋu abu gaƒoƒo, tɔtrɔyi, kple Biblia nusɔsrɔ̃ ŋuti kɔnta ne eyi ɖasrɔ̃ nu kplii. Gbeƒãɖela si yi kple nufialaa eye wòkpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me hã abu gaƒoƒo si wotsɔ wɔ nusɔsrɔ̃a ŋuti kɔnta.