Míaƒe Subɔsubɔdɔa—Dɔmetɔtrɔ Ðeɖe Fia Wònye
1 Yesu de dzesii be ameha siwo nɔ to ɖom ye la ƒe “lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.” (Mat. 9:36) Eyata efia Yehowa ƒe mɔwo wo le tufafa kple lɔlɔ̃ me, efa akɔ na wo, eye le esi woƒe nu wɔ nublanui nɛ ta la, ekpɔ woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na wo. Ne míedea ŋugble le alesi Yesu wɔ nui ŋu la, míeva srɔ̃a alesi míabu nuwo ŋu ahase le mía ɖokui me abe eyama ene, eye nɔnɔme si nye dɔmetɔtrɔ va dzena nyuie le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.
2 Tɔ sẽ nàbu alesi Yesu wɔ nui esi amesiwo hiã na kpekpeɖeŋu vevie te ɖe eŋu la ŋu kpɔ. (Luka 5:12, 13; 8:43-48) Ewɔ nu ɖe amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le ŋu le ameŋububu me. (Mar. 7:31-35) Ede dzesi amewo ƒe seselelãme eye wòkpe ɖe wo ŋu. Elé ŋku ɖe amewo ŋu yi ŋgɔe wu woƒe gotagome dzedzeme ko. (Luka 7:36-40) Le nyateƒe me la, Yesu ɖe mía Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ veveseɖeamenutɔe fia bliboe.
3 ‘Eƒe Dɔme Trɔ Ðe Amewo Ŋu’: Yesu mewɔ eƒe subɔsubɔdɔa le esi wònye agbanɔamedzi nɛ dzro ko ta o. Nusi ʋãe enye be, “eƒe dɔme trɔ ɖe [amewo] ŋuti.” (Mar. 6:34) Nenema kee egbea hã, menye gbeƒã ko ɖem míele o, ke míele agbagba dzem be míaɖe amewo ƒe agbe si nye nu xɔasi. Dze agbagba nàse nusitae amewo wɔa nu le mɔ aɖewo nu la gɔme. Nukae le fu ɖem na wo? Ðe alakpasubɔsubɔhakplɔlawo ble wo hedo kpo woƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na woa? Ne míetsɔa ɖe le eme na amewo tso dzime la, ate ŋu aʋã wo be woaɖo to nyanyuia.—Kor. II, 6:4, 6.
4 Ne míese veve ɖe amewo nu la, ewɔa dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me: Nyɔnu aɖe ƒe dzi gbã vevie esi via nyɔnuvi si xɔ ɣleti etɔ̃ ku. Esi Ðasefo eve va eƒeme la, exɔ wo kple susu be yeahe nya ɖe alesi wole nusita Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo me ɖe gee la ŋuti. Gake nyɔnua gblɔ emegbe be: “Woɖo tom hese veve ɖe nunye ŋutɔ, nye dzi dze eme ale gbegbe be esi wonɔ dzodzom la, melɔ̃ be woagate ŋu atrɔ ava.” Ðe nèdzea agbagba ɖea dɔmetɔtrɔ fiana amesiame si nèdoa goe le wò subɔsubɔdɔa mea?
5 Ne míedzea agbagba wɔa nu ɖe amewo ŋu le dɔmetɔtrɔ me geɖe wu la, awɔe be míana amewo nakpɔ akɔfafa vavãtɔ. Míehea ŋutikɔkɔe vɛ na “dɔmetɔtrɔ Fofo,” Yehowa, ne míetu nɔnɔme sia ɖo.—Kor. II, 1:3.