Alesi Nàwɔ Aɖo Wò Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo Gbɔ
1. Gbɔgbɔmetaɖodzinu kawoe le sɔhɛ Kristotɔ geɖewo si?
1 Abe sɔhɛ Kristotɔ ene la, anɔ eme godoo be lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa kple nya si Yesu gblɔ be Kristotɔwo katã ‘nadi fiaɖuƒea gbãgbiagbã’ lae kpɔa ŋusẽ ɖe wò agbe me taɖodzinuwo dzi. (Mat. 6:33) Ðewohĩ nèɖoe be yeadzi yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi to mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me alo to subɔsubɔ le afisi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le geɖe wu me. Ame aɖewo adi be yewoatsɔ yewo ɖokui ana faa anye dukɔwo dome xɔtudɔwɔlawo, asubɔ le alɔdzedɔwɔƒe aɖe, alo anye mɔɖela vevi. Esiawo nye taɖodzinu vavã siwo dze na kafukafu ŋutɔ!
2. Nukae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖo wò gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ?
2 Nusiwo akpe ɖe ŋuwò nàɖo wò gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ dometɔ ɖekae nye be nàŋlɔ wo ɖi. Wogblɔ le 15 juillet 2004 ƒe Gbetakpɔxɔ me be: “Nusi le [susu me na wò] la me va kɔna nyuie wu ne [ègblɔe]. Eyata [àdi be yeaŋlɔ yeƒe] taɖodzinuwo kple mɔ siwo dzi [nàto] aɖo wo gbɔ ɖe agbalẽ me.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, taɖodzinu bubuwo gbɔ ɖoɖo do ŋgɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ alesi nèle ŋgɔyiyi wɔmee, eye ana wò susu nanɔ taɖodzinu si koŋ nèɖo na ɖokuiwò la dzi.
3. Gblɔ nusiwo ame ate ŋu awɔ si akpe ɖe eŋu be wòaɖo taɖodzinu si nye nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ la dometɔ aɖewo.
3 Taɖodzinu Siwo Gbɔ Woate Ŋu Aɖo Kaba: Ne mèxɔ nyɔnyrɔ haɖe o la, anyo be nàde ŋugble le nusiwo wòle be nàwɔ be nàte ŋu aɖo taɖodzinu ma gbɔ ŋu. Ðewohĩ àkpɔe be ehiã be yease Biblia me nufiafia veviwo gɔme nyuie wu. Ne nenemae la, ɖoe wò taɖodzinui be nàsrɔ̃ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa nyuie, eye nàxlẽ mawunyakpukpui siwo katã dze le eme evɔ womeŋlɔ wo me nyawo ɖi o. (Tim. I, 4:15) Ðoe wò taɖodzinu be nàxlẽ Biblia bliboa katã tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ vaseɖe Nyaɖeɖefia, abe alesi Betel-ƒomea me tɔwo kple Gilead sukudelawo wɔnɛ ene. Ne èxlẽe wu enu vɔ la, yi edzi nàlé gbesiagbe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖoa me ɖe asi. (Ps. 1:2, 3) Kpɔ alesi gbegbe esia akpe ɖe ŋuwò nàtsi le gbɔgbɔ mee ɖa! Gbe dodo ɖa le Biblia xexlẽ kple nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze kple eƒe nuwuwu le vevie, eye anyo be nàdze agbagba ɣesiaɣi be nàtsɔ nusiwo nèsrɔ̃ la de dɔwɔna me.—Yak. 1:25.
4. Taɖodzinu siwo gbɔ Kristotɔ ate ŋu aɖo kaba bene wòate ŋu aminya Betel subɔsubɔdɔ alo mɔɖela vevi ƒe dɔ wɔwɔ la dometɔ aɖewo ɖe?
4 Ke ne èxɔ nyɔnyrɔ xoxo ɖe, taɖodzinu bubu kawoe nàte ŋu aminya? Ðe nèkpɔe be ehiã be yeabi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me geɖe wua? Le kpɔɖeŋu me, ɖe nàte ŋu aɖoe be yeabi ɖe Mawu ƒe Nya la zazã me geɖe wu le gbeadzia? (Tim. II, 2:15) Aleke nàte ŋu adzi wò subɔsubɔdɔa ɖe edzii? Ðo taɖodzinu aɖewo koŋ siwo gbɔ nàte ŋu aɖo kaba le ƒe si nèxɔ kple nɔnɔme siwo me nèle nu, eye esia akpe ɖe ŋuwò nàɖo wò taɖodzinu siwo gbɔ ɖoɖo axɔ ɣeyiɣi didi la gbɔ.
5. Aleke taɖodzinu siwo gbɔ woate ŋu aɖo kaba ɖoɖo kpe ɖe nɔviŋutsu aɖe ŋu be wòte ŋu ɖo eƒe taɖodzinu si koŋue nye be yeawɔ dɔ le Betel la gbɔ?
5 Dzidzedzekpɔkpɔ Ŋutinya Aɖe: Esi Tony si xɔ ƒe 19 ɖi tsa yi Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe la, edzroe vevie be yeawɔ dɔ le Betel. Ke hã, eƒe agbenɔnɔ meɖɔ ʋu o, eye mekpɔ ɖe adzɔgbe na Mawu kura haɖe o. Tony tso nya me be yeana yeƒe agbenɔnɔ nasɔ ɖe Yehowa ƒe mɔwo nu, eye eɖoe be yeadze agbagba adze axɔ nyɔnyrɔ. Esi wòɖo taɖodzinu ma gbɔ vɔ la, eɖoe be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa, emegbe yeawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa, eye wòŋlɔ ŋkeke siwo dzi wòdi be yeadze wo gɔme la ɖe eƒe ɣletigbalẽ dzi. Eva dze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wokpee be wòava wɔ dɔ le Betel. Kpɔ alesi gbegbe dzi adzɔe ɖa!
6. Nukae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖo wò gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ?
6 Wò hã àte ŋu aɖo wò gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ ne ètsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ. Tsɔ “wò dɔwo” ɖo Yehowa ŋkume le gbedodoɖa me eye nàdze agbagba vevie be nàɖo wo gbɔ.—Lod. 16:3; 21:5.