INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/97 axa 1
  • Sɔhɛwo—Gbɔgbɔmetaɖodzinu Kawoe Le Mia Si?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sɔhɛwo—Gbɔgbɔmetaɖodzinu Kawoe Le Mia Si?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Nàwɔ Aɖo Wò Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo Gbɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Zã Mawusubɔsubɔ Me Taɖodzinuwo tsɔ Kafu Wɔwòlae
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Ðo Gbɔgbɔ me Taɖodzinuwo na Ðokuiwò
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Sɔhɛwo—Miele Ŋgɔ Yim le Gbɔgbɔ Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 6/97 axa 1

Sɔhɛwo—Gbɔgbɔmetaɖodzinu Kawoe Le Mia Si?

1 Yehowa nya alesi gbegbe dɔ nyui kple taɖodzinu siwo gbɔ woate ŋu aɖo le vevie hena dzidzɔkpɔkpɔe. (Kpɔ Mose I, 1:28; 2:15, 19.) Egbea la, Yehowa de dɔ asi na eƒe amewo be woaɖe gbeƒã ahafia nu amewo. Enye míaƒe taɖodzinu hã be míava kpɔ agbe mavɔ le Paradiso me mlɔeba. Hafi ɣemaɣi naɖo la, ehiã be míanɔ gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ɖom vivivi bene míagazã míaƒe ŋusẽ kple nunɔamesiwo ɖe ya me o.—Kor. I, 9:26.

2 Taɖodzinu Siwo Gbɔ Sɔhɛwo Ate Ŋu Aɖo: Ele be teokrasi taɖodzinu siwo gbɔ sɔhɛwo ate ŋu aɖo eye wosɔ ɖe woƒe ŋutetewo nu nanɔ wo si. (Tim. I, 4:15) Ðevi aɖewo siwo metsi kura o ɖo taɖodzinu si nye be woate ŋu ayɔ Biblia ƒe agbalẽwo tso susu me la gbɔ hafi wova dze nuxexlẽ sɔsrɔ̃ gɔme gɔ̃ hã. To ƒomenusɔsrɔ̃ me la, ɖeviwo te ŋu srɔ̃ nuxexlẽ nyuie kple alesi woadzra ɖo ɖe kpekpewo ŋu bene woate ŋu aɖo taɖodzinu siwo nye be woaɖo nya ŋu nyuie eye be woaŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me la gbɔ. Ne ɖeviwo nɔa wo dzilawo ŋu woyia gbeadzi la, wosrɔ̃a ɖaseɖiɖi esi wole ŋgɔ yim ɖo ta taɖodzinu si nye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo zuzu gbɔ. Dzilawo nanɔ ŋku ɖom adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe taɖodzinua dzi na wo viwo.

3 Ne ƒewuivie nènye la, taɖodzinu kawoe le asiwò? Wò susu nenɔ taɖodzinu siwo nye vevitɔwo ŋutɔŋutɔ le agbe me dzi “[nàtsɔ aɖo] ŋku wɔwòla dzi.” (Nyagb. 12:1; Ps. 71:17) Nukata màwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le mɔkeɣiwo o? Ède ŋugble tso ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ be yeazu gbesiagbe mɔɖela ŋu kpɔa? Ke gbe yeye aɖe sɔsrɔ̃ bene nàkpe ɖe gbebubudolawo ƒe ƒuƒoƒo alo hame aɖe si le míaƒe nutoa me alo le teƒe bubu ŋu le etsɔme ya ɖe? Ame geɖe siwo le subɔsubɔm le Betel alo wonye mɔɖela veviwo alo dzikpɔla mɔzɔlawo fifia tsɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛ wɔwɔ ɖo taɖodzinui tso esime wonɔ suku dem ke. Nukata wò hã màwɔe nenema o?

4 Esi mètsi haɖe o la, dze agbagba nàsrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu. Eƒo nu faa tso gbɔgbɔmenyawo ŋu esime wòxɔ ƒe 12 pɛ ko. (Luka 2:42-49, 52) Taɖodzinu siwo ŋu viɖe le ɖoɖo na ɖokuiwò be yeawɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃, axlẽ Biblia gbesiagbe, kple be yeade ha kple Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me le kpekpewo kple subɔsubɔdɔa me akpe ɖe ŋuwò be nànya alesi nàfia nu amewo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu abe alesi Yesu wɔe ene.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe