Ðo Gbɔgbɔ me Taɖodzinuwo na Ðokuiwò
1 Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye esi wòanye be míakafu Yehowa yi ɖe mavɔmavɔ me! Míate ŋu aɖo gbɔgbɔ me taɖodzinu siwo li fifia na mía ɖokui ahadze agbagba be míaɖo wo gbɔ. Esia kpena ɖe mía ŋu le míaƒe ŋusẽ zazã nunyatɔe me. (Kor. I, 9:26) Taɖodzinu kawo gbɔe nàte ŋu aɖo?
2 Biblia-sɔsrɔ̃: Ðe nèdzrana ɖo ɖe hamea ƒe kpekpe ɖesiaɖe ŋua? Ne nenemae la, ɖe nèzãa ɣeyiɣi ɖe numekuku kple ŋugbledede ŋu ne èle nua srɔ̃ma? Le kpɔɖeŋu me, ne èle dzadzram ɖo ɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ kple Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ŋu la, ɖe nètea fli ɖe ŋuɖoɖoawo te ko alo ɖe nèxlẽa ŋɔŋlɔ siwo me nyawo womeŋlɔ ɖe agbalẽa me o hedea ŋugblẽ le numeɖeɖe siwo kpe ɖe eŋu la ŋua? Ðe nàte ŋu awɔe wòanye wò taɖodzinu be nàwɔ numekuku le nya ʋɛ aɖewo ŋu kwasiɖa ɖesiaɖe le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ƒe Biblia xexlẽa mea? Ebia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze be woawɔ numekuku le gbɔgbɔmenuwo ŋu alea, ke hã viɖe geɖewoe dona tsoa eme.—Lod. 2:4, 5.
3 Hame ƒe Kpekpewo: Taɖodzinu bubue nye hamea ƒe kpekpe atɔ̃awo katã dede edziedzi. Afima ɖoɖo kaba be nàde ha kple haxɔsetɔwo ahakpɔ gome le hadzidzi kple gbedodoɖa si woatsɔ adze kpekpea gɔmee me tua hamea ɖo. Anyo hã be míadze agbagba aɖo nya ŋu le kpekpe ɖesiaɖe me eye míaku kutri be míaƒe nyaŋuɖoɖowo nanyo ɖe edzi. Ðewohĩ àte ŋu aɖe alesi mawunyakpukpui aɖe si le memamaa me de numedzodzroa dzii la me alo agblɔ alesi míate ŋu awɔ nyatia ŋudɔ le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me.—Heb. 10:24, 25.
4 Gbeadzisubɔsubɔdɔ: Míaƒe subɔsubɔdɔa nyona ɖe edzi ŋutɔ ne míeɖo taɖodzinuwo na mía ɖokui. Ðe nèɖo gaƒoƒo aɖe ɖi na ɖokuiwò si gbɔ nèdi be yeaɖo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɣleti sia ɣletia? Ame geɖe kpɔe be ewɔwɔ alea nyo. Alo ɖe nàte ŋu awɔ asitɔtrɔ le wò subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖewo ŋu, abe Biblia zazã le tso aƒeme yi aƒeme ƒe dɔa me, tɔtrɔyi tsekuwo wɔwɔ, agbagba dzedze vevie le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me, alo be nàfia nu memie ne èle nusɔsrɔ̃ wɔma?
5 Dzilawo, ɖe miele dzi dem ƒo na mia viwo be woaɖo taɖodzinuwo na wo ɖokui le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa mea? Kpe ɖe wo ŋu ne woade dzesii be, be woanye mɔɖela, dutanyanyuigblɔla, alo Betel-ƒomea me tɔ nye mɔ nyuitɔ si dzi woato aɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ deto afia Yehowa.—Nyagb. 12:1.
6 Esi míele míaƒe dɔwɔnawo me dzrom la, ɖo gbɔgbɔ me taɖodzinuwo na ɖokuiwò, eye nàdze agbagba aɖo wo gbɔ, ana míakpɔ dzidzɔ geɖe le míaƒe subɔsubɔdɔa me eye wòana míazu dzideƒotsoƒe na ame bubuwo.—Rom. 1:12.