Èle Dzadzraɖoɖi Ðe Dzɔdzɔmefɔku Si Ate Ŋu Adzɔ Ŋua?
1. Nu ka tae nunya le eme be míanɔ dzadzraɖoɖi ɖe afɔkuwo ŋu?
1 Ƒe sia ƒe la, anyigbaʋuʋuwo, atsiaƒu gɔme anyigbaʋuʋu, siwo woyɔna be tsunami, ya ʋuduʋuduwo, ahom sesẽwo, kple tɔɖɔɖɔwo gblẽa nu le ame miliɔn geɖe ŋu le xexea me, eye wògblẽa nu le mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo hã ŋu. Esi wònye dzɔdzɔmefɔkuwo meklãna ame hafi dzɔna o, eye woate ŋu agblẽ nu le mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu ta la, nunya anɔ eme be míanɔ dzadzraɖoɖi ɖe wo ŋu.—Lod. 21:5.
2. Nu ka tae wòle be míatsɔ míaƒe adrɛs kple telefon xexlẽdzesi siwo zãm míele fifia la ana hamemetsitsiwo?
2 Dzra Ðo Do Ŋgɔ: Ɣeaɖewoɣi la, dzɔdzɔmefɔkuwo ŋuti dɔwɔƒewo te ŋu xlɔ̃a nu amewo do ŋgɔ le dzɔdzɔmefɔku siwo adzɔ kpuie la ŋu. Ele vevie be míawɔ ɖe nuxlɔ̃amenya siawo dzi. (Lod. 22:3) Ne wòdzɔ be woxlɔ̃ mí do ŋgɔ la, hamemetsitsiwo adze agbagba ana nyatakaka siwo akpe ɖe hamea me tɔwo katã ŋu be woawɔ dzadzraɖo siwo katã hiã la. Ne afɔku aɖe dzɔ vɔ la, hamemetsitsiwo adze agbagba aƒo ka loo, alo ayi hamea me tɔwo katã gbɔ, akpɔe ɖa be wo katã wole dedie hã, eye woakpɔe ɖa hã be kpekpeɖeŋu kawoe nɔviawo ahiã hã. Woate ŋu agblẽ ɣeyiɣi geɖe madzemadzee ne hamemetsitsiwo menya nɔviawo ƒe telefon xexlẽdzesiwo loo, alo nya woƒe aƒewo me o. Eya ta anyo ŋutɔ be gbeƒãɖelawo katã natsɔ woƒe aƒe ƒe xexlẽdzesi, adrɛs, kple telefon xexlẽdzesi siwo zãm wole fifia la ana hamea ƒe agbalẽŋlɔla kple agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla.
3. Aleke míate ŋu awɔ nu aduadu kple hamemetsitsiwoe ne wòdzɔ be míele nuto si me dzɔdzɔmefɔkuwo te ŋu dzɔna le edziedzi me?
3 Ne hamea le nuto aɖe si me dzɔdzɔmefɔkuwo te ŋu dzɔna le edziedzi me la, hamemetsitsiwo ate ŋu abia gbeƒãɖela ɖe sia ɖe be wòatsɔ exɔlɔ̃ alo eƒe ƒometɔ aɖe, si mele nuto ma me o, la ƒe ŋkɔ kple telefon xexlẽdzesi ana, ale be ne afɔku aɖe dzɔ kpata la, hamemetsitsiawo nate ŋu aƒo ka na ame siawo alo ayi wo gbɔ, akpɔe ɖa be nɔvia le dedie hã. Esia akpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu woake ɖe ame siwo te ŋu si yi dedienɔƒe la ŋu. Hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo aɖe na hamea, si woatsɔ ana nɔviawo nanya nu si wòle be woawɔ ne afɔku aɖe dzɔ kpata. Ðoɖo siawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye nu siwo wòle be wòanɔ asitsɔƒe na ame sia me, sisi ayi dedienɔƒe ƒe mɔfiamewo, kple ɖoɖo si wowɔ be woatsɔ akpe ɖe ame siwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le la ŋu. Wɔwɔ ɖe mɔfiame siawo, si me lɔlɔ̃ le, dzi la le vevie ŋutɔ.—Heb. 13:17.
4. Nu kae wòle be míawɔ ne afɔku aɖe dzɔ le míaƒe nutoa me?
4 Ne Afɔku Aɖe Dzɔ Vɔ: Nu kae wòle be nàwɔ ne dzɔdzɔmefɔku aɖe dzɔ le miaƒe nutoa me? Kpɔ egbɔ be yeƒe ƒomea kpɔ ŋutilãmenu siwo hiã enumake la. Ne àte ŋui la, kpe ɖe ame bubu siwo hã ŋu dzɔdzɔmefɔkua gblẽ nu le la ŋu. Dze agbagba nàna miaƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla alo hamemetsitsi bubu aɖe nanya nɔnɔme si me miele la kaba ale si wòanya wɔ. Ne èle dedie, eye mèhiã na kpekpeɖeŋu aɖeke o gɔ̃ hã la, ele kokoko be nàna woanya. Ne èhiã na kpekpeɖeŋu la, kakaɖedzi nenɔ asiwò be, nɔviwo le agbagba ɖe sia ɖe si wòate ŋui la dzem be woakpe ɖe ŋuwò. (Kor. I, 13:4, 7) Mègaŋlɔe be o hã be, Yehowa nya nɔnɔme si me nèle; ɖo ŋu ɖe eyama ŋu, eye akpe ɖe ŋuwò. (Ps. 37:39; 62:9) Nɔ klalo nàwɔ mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu ɖi la ŋudɔ be nàtsɔ ana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu amewo ahafa akɔ na wo hã. (Kor. II, 1:3, 4) Ne nuwo nya ka ɖe eme vie ko la, dze agbagba nàdze teokrasiɖoɖo siwo dzi nèzɔna ɖo tsã la gɔme ake.—Mat. 6:33.
5. Aleke mí Kristotɔwo míebua afɔkuwo ƒe dzɔdzɔe?
5 Togbɔ be amewo tsia dzi ɖe afɔkuwo ƒe dzɔdzɔ ŋu ŋutɔ hã la, míawo ya míate ŋu atsɔ kakaɖedzi anɔ mɔ kpɔm na etsɔme. Eteƒe madidi o, afɔku ƒe dzɔdzɔ azu gbaɖegbenyawo. (Nyaɖ. 21:4) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, míate ŋu aɖe afɔ siwo sɔ, be míatsɔ anɔ dzadzraɖoɖi ɖe fukpeɣiwo kple xaxaɣiwo ŋu, esi míekpɔtɔ le nyanyuia kakam dzonɔamemetɔe.