KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Ðe Nèdzra Ðoa?
Ne dzɔdzɔmefɔku aɖe dzɔ le miaƒe nutoa me la, ɖe nànɔ dzadzraɖo ɖia? Anyigbaʋuʋuwo, ahom sesẽwo, dzobibi gãwo kple tɔɖɔɖɔwo ate ŋu adzɔ ɣesiaɣi le vo me eye woagblẽ nu vevie. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze, ʋunyaʋunyawo kple dɔ vɔ̃wo ate ŋu ado mo ɖa le afi sia afi le vo me. (Nyg 9:11) Mele be míasusui be nu siawo madzɔ le mía gbɔ gbeɖe o.
Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ nu sia nu si wòate ŋui atsɔ adzra ɖo ɖe afɔkuwo ŋu. (Lod 22:3) Togbɔ be Yehowa ƒe habɔbɔa naa kpekpeɖeŋu aɖewo ne afɔkuwo dzɔ hã la, agba le mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi be wòadzra ɖo.—Ga 6:5.
MIKPƆ VIDEO SI NYE ÐE NÈDZRA ÐO ÐE DZƆDZƆMEFƆKU ŊUA? EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:
Nu ka tae wòle be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mí kple Mawu dome hafi afɔku aɖe nadzɔ?
Nu ka tae wòle vevie . . .
• be kadodo nyui nanɔ wò kple hamemetsitsiawo dome do ŋgɔ na afɔkua, le afɔkua dzɔɣi kple emegbe?
• be míade nanewo akplo me da ɖi?—g17.5 6
• be míalé ŋku ɖe afɔku siwo tɔgbi ate ŋu adzɔ la ŋu eye míabu nu siwo míawɔ le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la ŋu?
Mɔ etɔ̃ kawo nue míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu le ne afɔku aɖe dzɔ?