Míawɔ Ðeka Akpe Amewo Le Xexea Me Godoo Hena “Dze Kristo La Yome!” Nutome Gã Takpekpea
Míagama Amekpegbalẽvi Tɔxɛwo Ake
1 Le ƒe si va yi me la, amewo kpekpe le xexea me godoo hena “Ðeɖekpɔkpɔ Gogo!” Nutome Gã Takpekpewo la kpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe ɖetsɔlemetɔwo dzi. Ame siwo wɔ ɖe amekpekpe tɔxɛa dzi heva la va kpɔ gome le gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui si Yehowa Ðasefowo ɖuna me zi gbãtɔ. (Yes. 65:13) Wose vivi le hadede kpli mí le míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si me ɖekawɔwɔ le la me. (Ps. 133:1) Be míakpe ɖe ame geɖewo ŋu be woade “Dze Kristo La Yome!” Nutome Gã Takpekpeawo la, míagama amekpegbalẽvi tɔxɛwo ake le xexea me godoo.
2 Nu Siwo Do Tso Eme Le Ƒe Si Va Yi Me: Nyatakaka siwo míexɔ tso xexea me godoo la ɖee fia be nu nyui geɖewo do tso amewo kpekpe hena “Ðeɖekpɔkpɔ Gogo!” Nutome Gã Takpekpeawo me. Amewo ƒo nu nyuie tso takpekpea ŋu le dukɔ geɖe me. Le kpɔɖeŋu me, le dugã aɖe me la, nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ŋlɔ nya gbogbo aɖewo tso míaƒe amewo kpekpe ŋu, hegblɔ be: “Ðasefowo le kutri kum geɖe wu bene yewoaɖo ame sia ame gbɔ kaba le nutoa me—wole gaƒoƒo geɖe wu zãm, le afɔ zɔm yi teƒe siwo didi wu, hele nu ƒom kple amewo kabakaba wu.” Le dugã bubu aɖe me la, ale si nɔviwo ma amekpegbalẽviawo ɖe ɖoɖo nui la na be nyadzɔdzɔgblɔlawo va tsɔ ɖe le míaƒe dɔa me, eye wogblɔ nya geɖe tso eŋu le nyadzɔdzɔwo me. Le dugã ma me la, nyadzɔdzɔgbalẽ etɔ̃ ya teti ƒo nu nyui tso míaƒe dɔa ŋu do ŋgɔ na takpekpeawo. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe ŋlɔ nu tso nyati vovovo ŋu ku ɖe mía ŋu, siwo xɔ Kwasiɖagbe ƒe nyadzɔdzɔgbalẽa ƒe axa eve. Nyatiawo ku ɖe míaƒe dzixɔsewo, míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa, amekpegbalẽviawo mama, kple takpekpea ŋu. Esi gbeƒãɖela aɖe tsɔ amekpegbalẽvia nɔ nyɔnu aɖe nam le eƒe ʋɔtru nu la, nyɔnua xɔ nya le nɔvia nu hegblɔ be: “Ðeko mexlẽ nu tso miaƒe dɔ tɔxɛa ŋu le nyadzɔdzɔgbalẽ me vɔ koe nye sia!” Aƒemenɔla bubu gblɔ be: “Fifi laa ko menɔ nu xlẽm tso mia ŋu, eye mieva do ɖe gbɔnye xoxo! Nye amekpegbalẽvie mietsɔ vɛ nama?” Nyɔnua gblɔ kpee be, “Dɔ nyui aɖee nye sia wɔm mi Yehowa Ðasefowo miele.”
3 Le takpekpewɔƒe aɖewo la, ɖetsɔlemetɔ geɖe lé woƒe amekpegbalẽviwo ɖe asi va takpekpea. Ðetsɔlemetɔ aɖewo ku ʋu tso dugã bubu siwo gbɔ didi tso takpekpewɔƒea hafi va. Agbagba si míedze le amewo kpekpe me la na be ame siwo va takpekpea dzi ɖe edzi ŋutɔ, eye le dukɔ aɖe me la, vavalawo dzi ɖe edzi alafa memama 27 wu ƒe si do ŋgɔ ƒe takpekpea valawo.
4 Anyigbamamaa Kpekpe Ðo: Miate ŋu adze amewo kpekpe na takpekpea gɔme ne esusɔ kwasiɖa etɔ̃ na miaƒe takpekpea yiyi. Ele be miadze agbagba ɖe sia ɖe akpe hamea ƒe anyigbamamaa ɖo. Le kwasiɖa mamlɛtɔ si do ŋgɔ na takpekpea yiyi me la, nɔvi siwo le hame siwo ƒe anyigbamama lolo me ate ŋu atsɔ ŋuɖɔɖɔɖo agblẽ amekpegbalẽvia ɖeka ɖi na ame siwo womekpɔ le aƒea me o. Ele be hame ɖe sia ɖe nado vevie nu ama amekpegbalẽvi siwo woxɔ la katã eye woadze agbagba ale si woate ŋui akpe woƒe anyigbamamaa ɖo. Mɔɖela siwo le hamea me ate ŋu azã amekpegbalẽvi siwo kpɔtɔ.
5 Nya Si Míate Ŋu Agblɔ: Àte ŋu agblɔ be: “Míele amewo kpem le xexea me godoo hena wɔna vevi aɖe si le ŋgɔ. Wò amekpegbalẽvi enye esi. Àkpɔ nya bubu siwo ku ɖe takpekpea ŋu la le amekpegbalẽvia dzi.” Nya kpui aɖe ko gbɔgblɔ alea ana be míaɖo ame geɖewo gbɔ. Gake ne nyabiase aɖewo le aƒemenɔlaa si la, ke míate ŋu agbɔ dzi ɖi aɖo wo ŋu nɛ. Ne amea ɖe ɖetsɔleme fia la, ke wɔ nuŋlɔɖi eye nàtrɔ ayi egbɔ kaba.
6 Aleke gbegbe wòle vevie be míadze agbagba adze Kristo la yomee nye si! (Yoh. 3:36) Míaƒe nutome gã takpekpe si le ŋgɔ gbɔna la akpe ɖe ame siwo katã ade la ŋu be woawɔ esia. Míate ŋu akpɔ mɔ be ne míewɔ ɖeka kpe amewo hena “Dze Kristo La Yome!” Nutome Gã Takpekpeawo la, aganye ɖaseɖiɖi nyui aɖe na amewo. Eya ta do vevie nu nàkpe ame geɖe ale si nàte ŋui be woade. Neva eme be Yehowa nayra ɖe wò agbagbadzedzewo dzi esi nèle gome kpɔm le xexea me godoo ƒe amewo kpekpe dɔ sia me.