Nu Nyuiwo Le Dodom Tso Amekpekpedɔa Me
Ne esusɔ kwasiɖa etɔ̃ míade nutome gã takpekpea la, míakpe amewo etɔxɛe be woade takpekpea kpli mí. Susu nyuiwo li siwo tae wòle be míawɔ amekpekpedɔ sia ɖo. Ðetsɔlemetɔ siwo de takpekpea kpli mí la va sea Ŋɔŋlɔawo me nuƒowo, wokpɔa lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu le dɔwɔƒe vovovoawo, wodea dzesi míaƒe agbenɔnɔ nyui kple ɖekawɔwɔ—esiawo katã wɔa dɔ ɖe wo dzi vevie. (Ps. 110:3; 133:1; Yes. 65:13, 14) Gake ɖe nu nyuiwo le dodom tso míaƒe amekpekpedɔa me le teƒe siwo wòle be ɖetsɔlemetɔwo nazɔ mɔ didi hafi aɖo takpekpewɔƒea?
Le ƒe 2011 nutome gã takpekpea megbe la, alɔdzedɔwɔƒe aɖe xɔ lɛta tso nyɔnu aɖe si kpɔ míaƒe amekpegbalẽvia le eƒe ʋɔtru nu la gbɔ. Zi geɖe ne Yehowa Ðasefowo ƒo ʋɔ nɛ la, eɣlaa eɖokui. Eŋlɔ ɖe lɛtaa me be: “Aƒe dzeani aɖe mee mele, srɔ̃ŋutsu nyui le asinye, eya ta mesusui be nu sia nu si ana makpɔ dzidzɔ ye nye ema su asinye. Gake nublanuitɔe la, nyemekpɔa dzidzɔ o, eye taɖodzinu vavã aɖeke mele nye agbe ŋu o. Eya ta meɖoe be mazɔ mɔ kilometa 320 ade takpekpea le Memleɖagbe.” Takpekpea vivi enu ale gbegbe be, eƒo ka na srɔ̃a gblɔ nɛ be yedi be yeatsi anyi ne yeade takpekpea Kwasiɖagbe hã. Egblɔ be: “Mese nuƒoawo katã, medo go Yehowa Ðasefo geɖewo, eye metso nya me be hadede sia manye zi mamlɛtɔ nam o.” Esi wòtrɔ gbɔ va aƒe me la, edze nusɔsrɔ̃ gɔme eye wòzu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ le ɣleti ene megbe. Egblɔ be: “Dzi dzɔm ŋutɔ be meke ɖe amekpegbalẽvi ma ŋu le nye ʋɔtru nu, elabena fifia taɖodzinu vavã le nye agbe ŋu!”
Ame siwo xɔ amekpegbalẽvia dometɔ aɖewo ade takpekpea. Eya ta kpɔ gome le amekpekpedɔ vevi sia me dzonɔamemetɔe. Anyo be nàtsɔ amekpegbalẽvi siwo katã susɔ la ava takpekpea, ne nàzãe atsɔ aɖi vomeɖase le takpedua me.
[Aɖaka si le axa 5]
Aleke Míana Amekpegbalẽvi La?
Be míate ŋu akpe míaƒe anyigbamamaa ɖo la, ahiã be míaƒe nyawo nanɔ kpuie. Àte ŋu agblɔ be: “Ŋdi na wò. Míele amewo kpem le xexea me godoo be woade takpekpe sia kpli mí. Meɖe kuku, wò amekpegbalẽvie nye esia. Àkpɔ nyatakaka bubuwo le edzi.” Dzo nenɔ mewò. Ne míele amekpegbalẽvia mam le kwasiɖanuwuwuwo la, ele be míana magazineawo hã ne esɔ.