Agbagbadzedze Be Míawɔ Geɖe Le Subɔsubɔdɔa Me
1 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woazɔ Mawu ƒe mɔa dzi eye ‘woayi dzi geɖe wu.’ (Tes. I, 4:1) Nu kae esia bia tso mía si? Nu gbãtɔe nye be míayi edzi adi mɔ siwo dzi míato aminya gbɔgbɔmedɔwo, eye míadze agbagba ɣesiaɣi be ‘míawu míaƒe subɔsubɔdɔ la nu bliboe.’—Tim. II, 4:5.
2 Nu Si Ʋãa Mí: Nu si ʋãa mí be míadze agbagba awɔ geɖe le míaƒe subɔsubɔdɔa mee nye be míedina be míadze mía Wɔla la ŋu geɖe wu. Míedina be míatsi le gbɔgbɔ me eye míedia mɔ siwo dzi míato be míaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi wu. Ðoɖo nyui wɔwɔ kple nukpɔsusu nyui akpe ɖe mía ŋu be míaɖo teokrasi taɖodzinuwo gbɔ.—Ps. 1:1, 2; Fil. 4:6; Heb. 10:24, 25.
3 Agbagbadzedze be míakeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu bia be, míatu nunana kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ɖo. Míate ŋu atu nɔnɔme siawo ɖo nenye be míedea ŋugble le kpɔɖeŋu nyui siwo Yesu ɖo ɖi la ŋu gbedodoɖatɔe. (Mat. 20:28) Yesu kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe le ame bubuwo subɔsubɔ me le eƒe subɔsubɔdɔa katã wɔwɔ me. (Dɔw. 20:35) Míate ŋu asrɔ̃ Yesu to ɖetsɔtsɔ le eme na ame bubuwo kple ŋudzɔnɔnɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu ɖi na mí be míawɔ geɖe le míaƒe subɔsubɔdɔa me la ŋu me.—Yes. 6:8.
4 Dzilawo Ƒe Wɔƒe: Míate ŋu aƒã didi be míasubɔ amewo kple didi be míakeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu ɖe mía viwo me tso woƒe ɖevime ke. Ðeviwo ade dzesi ale si ƒomea me tɔwo doa vevie nui kple ale si wotsɔa dzo ɖe subɔsubɔdɔa keke ɖe enu ŋui. Nu si ʋã nɔviŋutsu aɖe be wòte ŋu wɔ geɖe wu le subɔsubɔdɔa mee nye be esime wònye ŋutsuvi dzaa la, ewɔa dɔ kple tɔgbuia le hamea ƒe dɔwo me. Ale si wòkpɔ tɔgbuia ƒe veviedodonu kple dzidzɔ si nɔ eme la ʋãe wòdi mɔnu be yeasubɔ nɔviawo. Fifia enye subɔsubɔdɔwɔla.
5 Wohiã Na Nɔviŋutsuwo: “Ne ame aɖe le dzikpɔladɔ dim la, ele dɔwɔwɔ nyui dim.” (Tim. I, 3:1) Nya siawo dea dzi ƒo na nɔviŋutsuwo be woaminya subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ bubuwo le Yehowa ƒe habɔbɔa me. Esia wɔwɔ mebia be aɖaŋu alo dzɔdzɔmeŋutete tɔxɛ aɖe nanɔ wo si kokoko o. Nɔviŋutsu aɖe si le mɔnukpɔkpɔ siawo minyam la atsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ eye wòado vevie nu le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. (Mat. 6:33; Tim. II, 4:5) Adze agbagba be yeanye kpɔɖeŋu nyui na ame bubuwo.
6 Le Xexea Me Katã: Yehowa le tsɔtsɔe dom amewo nu ƒoƒo ƒu dɔa. (Yes. 60:22) Ehiã kpata be ame siwo katã dzea Yesu ƒe kpɔɖeŋua yome nawɔ geɖe wu le woƒe subɔsubɔdɔa me. Xexea me katã ƒe akɔntabubua ɖee fia be le ƒe 2006 ƒe subɔsubɔƒea me la, ame 248,327 woe xɔ nyɔnyrɔ. Ema fia be ame 680 sɔŋ woe xɔa nyɔnyrɔ gbe sia gbe le mama dedie nu! Mina mí katã míayi edzi adi mɔnu siwo dzi míato awɔ geɖe wu le míaƒe subɔsubɔdɔa me!