Ðoe Wò Taɖodzinu Be Yeadze Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔme
1 “Miwu miaƒe ŋkuwo dzi, eye miakpɔ agblewo dzi ɖa bena, woƒu xoxo, eye wonyo na ŋeŋe.” (Yoh. 4:35) Kakaɖedzitɔe la, Yesu Kristo ƒe nya siawo sɔ kple nɔnɔme siwo me Kristotɔwo le egbea.
2 Míegakpɔtɔ le kekem ɖe dzi anukwaretɔ siwo le didim be woafia Yehowa ƒe mɔwo yewo la ŋu. Esia dzena kɔte le ame gbogbo siwo xɔa nyɔnyrɔ ƒe sia ƒe la gome. Ne èdi vavã be yeadze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme la, nu kae nàte ŋu awɔ?
3 Ðo Taɖodzinu: Gbã la, ɖoe be yeadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme ahayi ewɔwɔ dzi edziedzi. Ne èle gome kpɔm le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, wò taɖodzinua nenɔ susu me na wò. Esi wònye be mí Kristotɔwo ƒe dɔdeasie wònye be míaɖe gbeƒã ahafia nu amewo ta la, ele be mí katã míadi be míakpɔ gome le Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dɔ sia me geɖe wu.—Mat. 24:14; 28:19, 20.
4 Nu Bubu Siwo Anɔ Susu Me Na Wò: Ele vevie be Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo nanɔ gbe dom ɖa tso dzi me. Ɣeaɖewoɣi la, míedoa go ame siwo do gbe ɖa bia be ame aɖe nava kpe ɖe yewo ŋu yewoasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu. Dzidzɔ kae nye esi wònye be Yehowa nazã mí be míake ɖe ame siawo tɔgbi ŋu ahafia nu wo!—Xag. 2:7; Dɔw. 10:1, 2.
5 Nɔvinyɔnu aɖe do gbe ɖa bia be Mawu nakpe ɖe ye ŋu yeadze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme, eye wòtsɔ trakt si nye Àdi be Yeanya Nu Geɖe tso Biblia Ŋua? ƒe ɖewo da ɖe ŋkukpɔƒe le eƒe dɔwɔƒe. Esi nyɔnu aɖe tsɔ trakt sia ɖeka, eye woxlẽe hete aɖaka si le trakt la megbe kpekpe ɖo la, nɔvinyɔnua ɖe gbeƒã nɛ eye wòte ŋu dze Biblia sɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme.
6 Gbeƒãɖela bubu siwo kpɔ dzidzedze le Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme dzedze kple ewɔwɔ me la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖo Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ƒe taɖodzinua gbɔ. Do gbe ɖa na Mawu nàbia be yeake ɖe nusrɔ̃vi aɖe ŋu, eye nàwɔ mɔnuɖoɖo siwo katã li siwo akpe ɖe ŋuwò be nàɖo taɖodzinu sia gbɔ la ŋu dɔ. Ðewohĩ eteƒe madidi o, àva kpɔ dzidzɔ si dona tso Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me la.