INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/08 axa 1
  • Wɔ Ŋgɔyiyi Le Wò Subɔsubɔdɔa Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wɔ Ŋgɔyiyi Le Wò Subɔsubɔdɔa Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Dzo Nanɔ Mewò Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Ale Si Nàfia Gbeƒãɖeɖe Ame Yeyewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Ðe Nèle Wò Subɔsubɔdɔ La Wɔm Bliboea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Ðo Gbɔgbɔ me Taɖodzinuwo na Ðokuiwò
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 4/08 axa 1

Wɔ Ŋgɔyiyi Le Wò Subɔsubɔdɔa Me

1 Mía Fofo si le dziƒo la kpɔa dzidzɔ ne esubɔlawo le gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm. Esia ƒe akpa aɖee nye ŋgɔyiyiwɔwɔ azu nya nyui gbeƒãɖela bibi kpɔdzidzedzewo. Paulo de dzi ƒo na dzikpɔla Timoteo be wòayi edzi anɔ ŋgɔyiyi wɔm bene eƒe ŋgɔgbedede nadze ƒãa. (1 Tim. 4:13-15) Ele be mí katã míadze agbagba be míana míaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi, eye esia lɔ mí ame siwo nye gbeƒãɖela bibiwo xoxo gɔ̃ hã ɖe eme.

2 Ðo Taɖodzinuwo Na Ðokuiwò: Ŋgɔyiyiwɔwɔ bia be míaɖo taɖodzinuwo na mía ɖokuiwo. Taɖodzinu siwo míate ŋu aɖo na mía ɖokuiwo dometɔ aɖewo ɖe? Ele be míadze agbagba abi ɖe gbɔgbɔmeyi, si nye Biblia la, zazã me nyuie wu. (Ef. 6:17) Ðewohĩ míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe li si me wòle be míawɔ ŋgɔyiyi le, abe ablɔdziɖaseɖiɖi, ɖaseɖiɖi le telefon dzi, alo dɔwɔwɔ le anyigbamama siwo me nudzraƒewo kple dɔwɔƒewo sɔ gbɔ ɖo me ene. Ðewohĩ míadze agbagba be míawɔ tɔtrɔyi siwo atse ku wu. Taɖodzinu nyui bubu hãe nye be míaɖoe be míana ale si míedzea Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme kple ale si míewɔa woe la nanyo ɖe edzi.

3 Mɔnuɖoɖo Siwo Li: Wotrɔ asi le Hame ƒe kpekpewo, vevietɔ Teokrasi Subɔsubɔ Suku kple Subɔsubɔ Kpekpea, ŋu be woakpe ɖe mía ŋu míawɔ ŋgɔyiyi le subɔsubɔdɔa me. Zi ale si míedzea agbagba dzraa ɖo ɖe kpekpe siawo ŋu, dea wo, eye míetsɔa aɖaŋuɖoɖo siwo míexɔna le wo me la dea dɔwɔwɔ me la, zi nenemae míekpɔa eme viɖewoe.—2 Kor. 9:6.

4 Ehiã hã be míakpe ɖe mía nɔewo ŋu be míawɔ ŋgɔyiyi. (Lod. 27:17) Toléle ɖe ɖaseɖinya si ame siwo míewɔa dɔ kpli le gbeadzi zãna ŋu nyuie akpe ɖe mía ŋu míawɔ ŋgɔyiyi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míaƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla la ate ŋu awɔ ɖoɖo woana kpekpeɖeŋu mí etɔxɛ. Yayra ka gbegbee nye esi wòanye ne mɔɖela alo gbeƒãɖela bibi aɖe kpe ɖe mía ŋu míeva le dzidzedze geɖe wu kpɔm le ɖaseɖiɖidɔa me hele dzidzɔ kpɔm geɖe wu! Ðe gbeƒãɖela yeye aɖe le míaƒe agbalẽ me nusrɔ̃ƒea? Ðewohĩ míate ŋu ate ɖe eŋu akpee be woawɔ dɔ kpli mí le gbeadzi.

5 Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔae nye dɔ vevitɔ kekeake si wɔm wole egbea. Esi míetsɔ míaƒe “kafukafuvɔsa” le Yehowa nam la, míadi be míawɔe kple míaƒe ŋutete katã. (Heb. 13:15) Ne míedzea agbagba be míanɔ ŋgɔyiyi wɔm le subɔsubɔdɔa me la, míazu “dɔwɔla si mehiã be ŋu nakpe le naneke ŋuti o, ame [siwo] wɔa nyateƒenya la ŋu dɔ pɛpɛpɛ.”—2 Tim. 2:15.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe