INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/08 axa 8
  • Ne Aƒemenɔlaa Nye Gbe Bubu Dola

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Aƒemenɔlaa Nye Gbe Bubu Dola
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbeƒãɖeɖe Na Dutagbedolawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Mɔ Siwo Dzi Míetona Ðea Gbeƒã Nya Nyuia
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Ameŋkumemakpɔmakpɔ le Míaƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Miwɔ Nu Ðekae Ne Miele Gbeƒã Ðem Le Nuto Siwo Me Gbe Vovovo Dolawo Le
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 6/08 axa 8

Ne Aƒemenɔlaa Nye Gbe Bubu Dola

1. Nu ka tae wòva le hiahiãm geɖe wu be hamewo nawɔ nu aduadu ne wole dɔ wɔm le anyigbamama ɖeka ma ke me?

1 Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo yi edzi le kekem ɖe ɖetsɔlemetɔ siwo medoa gbe siwo woƒe hameawo dona o la ŋu geɖe wu. Esi wònye be gbe geɖe dolawo ate ŋu anɔ anyigbamama ɖeka me ta la, hame siwo doa gbe vovovowo ate ŋu awɔ dɔ le anyigbamama ɖeka ma ke me. Aleke hameawo ate ŋu awɔ nu aduadu ale be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa le ɖoɖo nu?—1 Kor. 14:33.

2. (a) Eɖanye nyigbamama ka mee míele dɔ wɔm le o, nu kae wòle be míalɔ̃ faa be míawɔ? (b) Aleke míate ŋu awɔ nu aduadu kple ƒuƒoƒo alo hame siwo doa gbe bubu le míaƒe anyigbamamaa me ne míele aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm?

2 Nuwɔwɔ Aduadu: Ne gbeƒãɖela aɖe le ablɔdziɖase ɖim alo le vomeɖase ɖim la, ate ŋu ate ɖe ame sia ame ŋu faa aɖo dze kplii, eɖanye gbe bubu dolae amea nye o, eye wòana agbalẽ amea le gbe si wòalɔ̃ be yeaxlẽ la me. Nenema kee wòle le aƒe me yi aƒe me dɔa hã gome. Ne gbeƒãɖelaa se aƒemenɔlaa degbe nyuie la, ele be gbeƒãɖela naɖi ɖase nɛ, ne menye gbe mae woƒe hamea dona o gɔ̃ hã. Ne hame vovovowoe wɔa dɔ le anyigbamama ɖeka ma ke me la, ele vevie ŋutɔ be woawɔ aƒe me yi aƒe me dɔa ŋuti nuŋlɔɖi nyuiwo ɖi, ale be woaganɔ ame mawo ke ko gbɔ yim edziedzi o. Ele be subɔsubɔdɔ dzikpɔlawo nada ɖoɖoawo kpɔ ahawɔ nu aduadu kple wo nɔewo bene woagava nɔ dɔ wɔm le anyigbamama aɖe me fũu akpa o.—Lod. 11:14.

3. Ne míele Biblia srɔ̃m kple ame aɖe si mese gbe si míaƒe hamea dona la tututu o la, nu kae wòle be míalɔ̃ faa be míawɔ, eye nu ka tae?

3 Ðokuitɔmadimadi Ƒe Lɔlɔ̃ Hiã: Ɣeaɖewoɣi la, gbeƒãɖela aɖe ate ŋu adze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ame aɖe si mese woƒe hamea ƒe gbea tututu o. Ne wosrɔ̃ nua yi ŋgɔ vie, eye nusrɔ̃via va di be yeadze kpekpewo dede gɔme la, nu kae wòle be woawɔ? Ame aɖewo hena ɖe megbe ale be wometsɔa nusrɔ̃via dea asi na gbeƒãɖela aɖe si le hame si doa nusrɔ̃via ƒe gbe me la o. Gake ele be lɔlɔ̃ na nusrɔ̃via naʋã mí míawɔ nu si ade edzi wu. Ele be míatsɔ nusrɔ̃via ade asi na gbeƒãɖela aɖe si dzi woate ŋu aka ɖo si le hame aɖe si doa nusrɔ̃via ƒe gbe me. Esia akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be hamea ƒe kpekpewo naɖe vi nɛ geɖe wu.

4. Aleke wòle be míawɔ nu ne míele dɔ wɔm le anyigbamama aɖe me eye míedo go ƒuƒoƒo alo hame si doa gbe bubu aɖe la ƒe gbeƒãɖelawo le eme?

4 Dɔ Ðeka Ko Wɔm Mí Katã Míele: Aleke wòle be woawɔ ɖoɖowo ne gbeƒãɖela siwo tso hame vovovowo me le gbeƒã ɖem le anyigbamama ɖeka ma ke me le ŋkeke ɖeka dzi? Le nyateƒe me la, mí Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ aƒo gbegbɔgblɔwo ƒe vovototo ɖe sia ɖe ta, eye anyigbamama me tɔwo ƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ koŋ ŋue wòle be míatsi dzi ɖo. (Yoh. 13:34, 35) Eya ta ame siwo le ŋgɔ xɔm le ɖoɖo siawo wɔwɔ me la aɖe nugɔmesename kple lɔlɔ̃ afia nenye be woatso nya me be ƒuƒoƒo ɖeka nayi aɖawɔ dɔ le anyigbamama bubu me vie gbɔ.—Yak. 3:17, 18.

5. Nyagblɔɖi kae le eme vam egbea?

5 Biblia gblɔe ɖi be ame siwo nye gbegbɔgblɔ vovovo dolawo aɖo to nya nyuia. (Nyaɖ. 14:6, 7) Ne ame sia ame wɔa nu aduadu la, awɔe be gbeƒãɖela siwo doa gbe vovovowo la mava nɔ aƒe mawo ke ko me yim le ŋkeke ɖeka dzi o, eye nya nyuia aɖo ame yeye geɖe, siwo dome gbe vovovo dolawo hã le la, gbɔ.—Ef. 4:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe