INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/10 axa 5-7
  • Gbeƒãɖeɖe Na Dutagbedolawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖe Na Dutagbedolawo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ne Aƒemenɔlaa Nye Gbe Bubu Dola
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Ameŋkumemakpɔmakpɔ le Míaƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ði Ðase Na Gbe Bubu Dolawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Mɔ Siwo Dzi Míetona Ðea Gbeƒã Nya Nyuia
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 4/10 axa 5-7

Gbeƒãɖeɖe Na Dutagbedolawo

1. Hiahiã kae doa mo ɖa ne míele gbeƒã ɖem le míaƒe anyigbamama me?

1 Yesu Kristo gblɔe ɖi be woaɖe gbeƒã nya nyuia le anyigba blibo la katã dzi “be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” Nya mawo le vevie ŋutɔ na ame siwo katã kpɔa gome le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Ne míele gbeƒã ɖem hele kpekpem ɖe amewo ŋu be woazu nusrɔ̃lawo la, ɖewohĩ míava ke ɖe ame siwo tso dukɔ bubuwo me, eye wodoa gbe bubuwo (abe Arabgbe, Fransegbe kple Chinagbe ene) la ŋu. Ele be míana mɔnukpɔkpɔ ame siawo hã be woase Fiaɖuƒe gbedeasia, ale be woawo hã woava nɔ nyateƒea ƒe akpa dzi hafi Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la nava ɖo. (Mal. 3:18) Aleke míawɔ aɖe gbeƒã na dutagbedola siwo le míaƒe anyigbamama me?

2. Mɔ ka nue gbeƒãɖeɖe na gbe bubu dolawo nye Yehowa sɔsrɔ̃ le?

2 Bu Dutagbedolawo Abe Ale Si Yehowa Bua Woe Ene: Be míaɖee afia be míesrɔ̃a Yehowa, ame si mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ wòlɔ̃a amewo katã ƒomevi la, ele be míadi vevie be míakpe ɖe ame siwo le míaƒe anyigbamamaa me la ŋu be woava dze si Mawu vavã Yehowa nyuie, eɖanye gbegbɔgblɔ kae wodona o. (Ps. 83:19; Dɔw. 10:34, 35) Togbɔ be ame siwo doa gbe si me míewɔa míaƒe kpekpeawo le la koŋue míedina le anyigbamamaa me hã la, ele be míaƒe susu nanɔ gbe bubu dolawo hã ŋu, eye míadze agbagba ato mɔ aɖe dzi agblɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋuti gbedeasia na wo. Esi wònye Yehowa ɖoe be woaɖi ɖase na dukɔwo katã me tɔwo ta la, masɔ be míatso gbe bubu dolawo ɖi o. Ekema aleke míawɔ akpe ɖe ame siwo medoa mía degbe o la ŋu?

3. Dɔwɔnu nyui kae wona mí, eye aleke míate ŋu adzra ɖo ɖe ezazã ŋu?

3 Zã Good News for People of All Nations Gbalẽvia: Wotrɔ asi le agbalẽvi sia ŋu be míatsɔ aɖe gbeƒã na ame siwo medoa mía degbe o. Agbalẽvi sia nenɔ ŋuwò ɣesiaɣi, nya emenyawo nyuie, eye zãe ɣesiaɣi si wòanya wɔ. Be nàke ɖe gbe aɖe ŋu kaba le agbalẽa me ne èdo go gbea dola la, wɔ dzesi ɖe gbe vovovo siwo wodona le miaƒe anyigbamamaa me la gbɔ. Ne míaƒe agbalẽwo le gbegbɔgblɔ mawo me la, anyo be nàxɔ ʋɛ aɖewo ayi na ame siwo nègblɔ agbalẽvi sia me nyawo na.

4. Aleke míate ŋu azã Nations gbalẽvia le gbea dzii?

4 Ne èdo go gbe bubu aɖe dola le gbea dzi, evɔ mènya gbe si tututu dom wòle o la, tsɔ agbalẽvia ƒe akpa dzi fiae. Tɔ asi ɖokuiwò, eye nàyɔ dukɔ si me nèle, emegbe nàwɔ dzesi na aƒemenɔlaa atsɔ ana wòanya be yedi be yeanya dukɔ si me wòtso kple gbegbɔgblɔ si wòdona. Ne ènya gbe si wòdona vɔ la, kpɔ agbalẽvia me nyawo diƒe, di axa si gbe si aƒemenɔlaa dona la le, eye nàhe eƒe susu ayi nu si woŋlɔ ɖe etame kple nuŋlɔtsi toto la dzi. Azɔ wɔ dzesi nɛ be yedi be wòaxlẽ nya si le agbalẽa me. Ne exlẽe vɔ la, tsɔ trakt si le wo degbea me la nae, alo nàhe eƒe susu ayi nyagbe si wode amae le memama etɔ̃lia ƒe nuwuwu dzi, afi si gblɔ be nèdi be yeatrɔ ava ahatsɔ agbalẽ si le wo degbe me la ava nae. Emegbe tɔ asi nyagbɔgblɔ si nye “ŋkɔnyee nye” si woŋlɔ kple nuŋlɔtsi toto, eye nàyɔ ŋkɔwò nɛ eme nakɔ nyuie. Tɔ asi nya si nye “ŋkɔwò” si woŋlɔ kple nuŋlɔtsi toto, eye nàlala aƒemenɔlaa naɖo eŋu. Wɔ ɖoɖo kplii nàtrɔ ayi egbɔ.

5. Nu kae wòle be míawɔ be woate ŋu atrɔ ayi gbe bubu dola siwo tsɔ ɖe le nya nyuia me la gbɔe?

5 Wɔ Ðoɖo Be Woatrɔ Ayi Wo Gbɔ: Ele be míadze agbagba ɖe sia ɖe atrɔ ayi ame siwo tsɔ ɖe le Fiaɖuƒe gbedeasia me la gbɔ, eɖanye gbegbɔgblɔ kae wodona o. Ne míenya kpɔe be amea tsɔ ɖe le Mawu kple eƒe Nya Biblia la me ko la, ele be míakpe Please Follow Up (S-43) gbalẽvia ɖo ahatsɔe ana hamea ƒe agbalẽŋlɔla enumake, ale be wòaɖoe ɖe alɔdzedɔwɔƒea ne woawɔ ɖoɖo be ame aɖe si doa ɖetsɔlemetɔa degbe la nayi aɖasrãe kpɔ. Emegbe alɔdzedɔwɔƒea aɖo agbalẽvia ɖe ƒuƒoƒo si doa gbegbɔgblɔ ma. Ne enya ka wo si ko la, woayi aɖasrã ɖetsɔlemetɔa kpɔ enumake. Agbalẽŋlɔla ate ŋu awɔ agbalẽvia ƒe kɔpi na subɔsubɔdɔdzikpɔla, ale be wòanya gbegbɔgblɔ aɖe koŋ dolawo dometɔ neni si tsɔ ɖe le gbedeasia me. Ne amea tsɔ ɖe le eme vavã ko hafi míakpe agbalẽvi sia ɖo.

6. Ne míedo go ɖetsɔlemetɔ aɖe si nye gbe bubu dola la, agba kae le mía dzi?

6 Esi wònye ele be míakpe S-43 gbalẽvia ɖo wòava ɖo alɔdzedɔwɔƒea hafi woava di ame si akpe ɖe ɖetsɔlemetɔ si ŋu míeke ɖo la ŋu ta la, ate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe hafi woava te kpekpe ɖe amea ŋu. Eya ta be ɖetsɔleme si amea ɖe fia la nu nagatsi o la, gbeƒãɖela si kpe S-43 gbalẽvia ɖo la ate ŋu anɔ amea gbɔ yim va se ɖe esime woɖo gbeƒãɖela si doa wo degbe la ɖee be wòakpe ɖe eŋu. Le go aɖewo me la, woate ŋu anɔ nu srɔ̃m kple ɖetsɔlemetɔa gɔ̃ hã. Gake aleke gbeƒãɖela si kpe agbalẽvia ɖo la awɔ axɔ míaƒe agbalẽ siwo le ɖetsɔlemetɔa degbe me?

7. Mɔ kawo dzi míate ŋu ato akpɔ agbalẽ le ame siwo míedoa goe la degbe me?

7 Ale Si Míawɔ Akpɔ Agbalẽ Siwo Le Gbe Bubuwo Me: Mele be agbalẽ siwo le gbegbɔgblɔ bubuwo me la nasɔ gbɔ ɖe hamewo si fũu o. Gake ne subɔsubɔdɔdzikpɔla kpɔe be gbe aɖe koŋ dolawo le ɖe tsɔm le gbedeasia me la, ate ŋu aɖoe be hamea nadɔ agbalẽ siwo le gbegbɔgblɔ ma me la ƒe ʋɛ aɖe, be gbeƒãɖelawo nazã le gbea dzi. Ne agbalẽ siwo le gbegbɔgblɔ ma me dometɔ aɖeke mele hamea si o la, woate ŋu adɔe. Ðewohĩ axɔ ɣeyiɣi hafi agbalẽ siwo hamea dɔ le gbegbɔgblɔ aɖe koŋ me la nava ɖo. Eya ta wowɔ ɖoɖo be míate ŋu awɔ agbalẽwo ƒe kɔpi le Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org. Agbalẽ gbogbo aɖewo le nyatakakadzraɖoƒe sia le gbegbɔgblɔ alafa geɖe me, siwo ŋu gbeƒãɖelaa alo ɖetsɔlemetɔa ate ŋu ake ɖo bɔbɔe. Nu sia akpe ɖe gbeƒãɖelawo ŋu godoo ne wole kpekpem ɖe gbe bubu dolawo ŋu.

8. Aleke hamea ate ŋu akpe asi ɖe eŋu míakpe ɖe gbe bubu dolawo ŋui?

8 Hamea Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu: Ate ŋu adzɔ be gbegbɔgblɔ aɖe dolawo nasɔ gbɔ ɖe nuto aɖe me, gake hame siwo le nutoa me la dometɔ aɖeke mewɔa kpekpe le gbe ma me o. Ne edzɔ alea le mia gbɔ la, ke mikpe gbe bubu dola siwo tsɔ ɖe le nya nyuia me la be woade kpekpeawo le miaƒe hamea me. Ne miedoa vivi ɖe wo ŋu hetsɔa ɖe le eme na wo la, ade dzi ƒo na wo woanɔ vavam edziedzi. Ðewohĩ ale si woƒe gbegbɔgblɔ kple dekɔnuwo to vovoe la ate ŋu anye mɔxenu le mɔ aɖe nu le gɔmedzedzea me; gake naneke mate ŋu axe mɔ na Kristotɔ Yehowa Ðasefo siwo le xexea me katã la dometɔ aɖeke be wòalɔ̃ ame o. (Zef. 3:9; Yoh. 13:35) Ðe nèse gbe bubu aɖe nyuiea? Ne èsee, eye nèlɔ̃ faa be yeate ŋu ayi aɖakpe ɖe gbe ma dola siwo tsɔ ɖe nya nyuia me ŋu la, ekema na miaƒe hamea ƒe agbalẽŋlɔla nanya, ale be woagblɔe ɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒea. Esia akpe ɖe alɔdzedɔwɔƒea ŋu ne wole gbeƒãɖela si ate ŋu akpe ɖe ɖetsɔlemetɔ si doa gbe ma ŋu la dim.

9. Ɣekaɣie wòahiã be woaɖo gbesrɔ̃suku na gbeƒãɖelawo, eye aleke woawɔ esiae?

9 Gbesɔsrɔ̃: Ne èle kpekpem ɖe gbe bubu dolawo ŋu la, anyo wu be nàde dzi ƒo na wo be woanɔ kpekpeawo dem le hame si doa wo degbea me ne hameawo medidi le wo gbɔ akpa o. Gake ne manya wɔ o la, gbeƒãɖela aɖewo ate ŋu adi be yewoasrɔ̃ wo degbe, ale be yewoakpe ɖe wo ŋu geɖe wu. Ne hame aɖeke metsɔ ɖe afi ma, si wɔa kpekpewo le gbe ma me o la, ekema alɔdzedɔwɔƒea ate ŋu aɖoe be woaɖo gbesrɔ̃suku le nuto ma me le esi gbea dola gbogbo aɖewo ʋu va tsi afi ma alo nutoa me tɔ gbogbo aɖewo doa gbea ta. Ne edzɔ alea la, ekema alɔdzedɔwɔƒea ana hame siwo te ɖe afi ma ŋu nanya be hiahiã aɖe li nenema, eye wòawɔ ɖoɖo woaɖe gbeƒãe le hameawo me be woɖo gbesrɔ̃suku aɖe. Ele be ame siwo ana ŋkɔ be yewoade sukua la naɖoe be yewoava wɔ ɖeka kple gbe ma dolawo ƒe ƒuƒoƒo alo hamea ahakpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le gbe ma me.

10. Ɣekaɣie woate ŋu aɖo ƒuƒoƒo le dutagbe aɖe me, eye nu ka dzie woanɔ te ɖo awɔ esia?

10 Nu Si Hiã Hafi Woaɖo Ƒuƒoƒo: Ehiã be woaɖo nudidi vevi ene gbɔ hafi aɖo dutagbedolawo ƒe ƒuƒoƒo. (1) Ele be gbea dolawo natsɔ ɖe le eme vavã, eye woakpɔ kpeɖodzi be dzidziɖedzi ava. (2) Ele be gbeƒãɖela ʋɛ aɖewo nase gbe ma alo anɔ esrɔ̃m. (3) Ele be hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla si dze nanɔ anyi ate ŋu axɔ ŋgɔ be woanɔ kpekpe ɖeka ya teti wɔm le gbegbɔgblɔ ma me kwasiɖa sia kwasiɖa. (4) Ele be hamemetsitsiwo ƒe ha aɖe nalɔ̃ faa be yewoakpɔ ƒuƒoƒoa dzi. Ne wonya ɖo nudidi siawo gbɔ va ɖo afi aɖe ko la, hamemetsitsiwo ƒe haa aŋlɔ agbalẽ na alɔdzedɔwɔƒea ana nyatakaka tso ƒuƒoƒoa ŋu ahabia be woada asi ɖe yewo dzi abe hame si le dutagbedolawo ƒe ƒuƒoƒoa dzi kpɔm ene. (Kpɔ Ðoɖo gbalẽa ƒe axa 106-107.) Woayɔ hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla si le ŋgɔ xɔm le ƒuƒoƒo ma me be “ƒuƒoƒodzikpɔla” alo “ƒuƒoƒosubɔla,” eye eƒe agbanɔamedzie wònye be wòalé be na ƒuƒoƒoa.

11. Nu ka tae gbeƒãɖeɖe na dutagbedola siwo le míaƒe anyigbamamawo me la nye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe?

11 Gbeƒãɖeɖedɔ si míaƒe Kpɔɖeŋuɖola, Yesu Kristo, ɖo anyi be woawɔ le xexea me katã la ƒe akpa vevi aɖee nye gbeƒãɖeɖe na dutagbedola siwo le míaƒe anyigbamamawo me. Togbɔ be nyati sia ku ɖe dutagbedola siwo míado goe la ŋu koŋ hã la, míate ŋu azã gɔmeɖose siwo le eme la ke ne míedo go ame siwo doa gbe bubu siwo wodona le míaƒe dukɔa me la dometɔ aɖe. Mina míado vevie awɔ míaƒe akpa dzi; ekema míakpɔ ale si Yehowa le dukɔwo ʋuʋum hele woƒe nu vevitɔwo hem va eɖokui gbɔe. (Xag. 2:7) Ðe dzi medzɔa mí ŋutɔ be míakpe asi ɖe dɔ sia ŋu bliboe oa? Yehowa nayra mí esi míele agbagba dzem ɖekae le gbeƒã ɖem na dutagbedola siwo le míaƒe anyigbamamawo me, eye míeɖoa ŋkui ɣesiaɣi be togbɔ be gbe vovovo dodo ate ŋu anye kuxi le nya nyuia gbɔgblɔ me hã la, Yehowa ate ŋu ana nu siwo míeƒã ɖe amewo ƒe dzi me la natsi!—1 Kor. 3:6-9.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe