Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ði Ðase Na Gbe Bubu Dolawo
Nu Si Ta Wòle Vevie: Yehowa di be ame siwo tso “dukɔ sia dukɔ me” nadze si ye. (Dɔw. 10:34, 35) Esia tae Yesu gblɔ be woaɖe gbeƒã nya nyuia “le anyigba blibo la katã dzi” na “dukɔwo katã.” (Mat. 24:14) Zakariya gblɔ ɖi be ame siwo tso “dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me” la aɖo to. (Zak. 8:23) Le ŋutega si apostolo Yohanes kpɔ nu la, ame siwo atsi agbe le xaxa gã la me atso “dukɔ sia dukɔ, to sia to, ame ƒomeviwo katã kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” (Nyaɖ. 7:9, 13, 14) Le esia ta ne míedo go gbe bubu dola aɖe le míaƒe anyigbamama me la, ele be míadze agbagba aɖi ɖase nɛ.
Te Esia Kpɔ Le Ɣletia Me:
Le miaƒe Ƒometadedeagu fiẽsi si gbɔna me la, miwɔ ale si miaɖi ɖase na ame si mese mia degbea o la ƒe wɔwɔfia.