INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/09 axa 3-4
  • Àte Ŋu Aɖi Ðase Na Ŋutsuwo Geɖe Wua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Aɖi Ðase Na Ŋutsuwo Geɖe Wua?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Ne Srɔ̃wò Mele Nyateƒea Me O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Àte Ŋu Akpe Ðe Nɔvi Aɖe Srɔ̃ Si Menye Ðasefo O La Ŋua?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nyateƒea ‘Mehea Ŋutifafa Vɛ O, Ke Yi Boŋ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Mɔfiame Si Me Nunya Le Na Srɔ̃tɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 8/09 axa 3-4

Àte Ŋu Aɖi Ðase Na Ŋutsuwo Geɖe Wua?

1. Fiaɖuƒea ƒe nuwo gbɔ kpɔkpɔ ƒe hiahiã kpata kae li fifia?

1 Esi Fiaɖuƒedɔa le dzidzim ɖe edzi le ŋkeke mamlɛ siawo me la, ŋutsu siwo ɖo gbɔgbɔmenudidiwo gbɔ siwo axɔ ŋgɔ le hameawo me la hiã vevie. (Mar. 4:30-32; Dɔw. 20:28; 1 Tim. 3:1-13) Ke hã, le teƒe aɖewo la, nyɔnu siwo xɔa Fiaɖuƒegbedeasia la sɔa gbɔ wu ŋutsuwo. Dukɔ aɖewo ƒe dekɔnuwo wɔe be ŋutsuwo metsɔa ɖe le gbɔgbɔmenyawo kple mawusubɔsubɔ ŋuti mɔfiamewo fiafia wo viwo me abe wo srɔ̃nyɔnuwo ene o. Aleke míate ŋu akpe ɖe ŋutsuwo ŋu geɖe wu be woade dzesii be ehiã be yewoatsɔ ɖe le gbɔgbɔmenuwo me ale be woava wɔ ɖeka kpli mí le nyateƒetadedeagu la me?

2. Viɖe nyui kawoe do tso agbagba si Paulo kple Petro dze be yewoaɖi ɖase na ŋutsuwo la me?

2 Wò Susu Nenɔ Ðaseɖiɖi Na Ŋutsuwo Ŋu: Ne ƒome ƒe ta aɖe xɔ nyateƒea la, zi geɖe la, ekpɔa ŋusẽ ɖe ƒomea me tɔ bubuwo dzi wova wɔa ɖeka kplii le tadedeagu dzadzɛa me. Le kpɔɖeŋu me, esi wolé Paulo kple Sila de ga le woƒe gbeƒãɖeɖe ta la, woɖi ɖase na gaxɔdzikpɔla la. Ŋutsua kple eƒe aƒemetɔwo katã na wonyrɔ wo. (Dɔw. 16:25-34) Esime Paulo ɖi ɖase le Korinto la, nu si do tso emee nye be, “Krispo, si nye ƒuƒoƒea dzi kpɔla la va xɔ Aƒetɔ la dzi se, eye eƒe aƒe blibo la hã xɔe se.” (Dɔw. 18:8) Yehowa zã Petro wòɖi ɖase na Kornelio, si nye aʋafia aɖe si ŋu wogblɔ le be “edoa vevie mawusubɔsubɔ, eye wòvɔ̃a Mawu.” Esia wɔe be wonyrɔ Kornelio kple eƒe ƒometɔwo kpakple exɔlɔ̃ veviwo siaa.—Dɔw. 10:1-48.

3. Le Filipo sɔsrɔ̃ me la, ame kawoe “le ɖoƒe kɔkɔ,” siwo nàte ŋu aɖi ɖase na?

3 Ðaseɖiɖi na ŋutsu siwo “le ɖoƒe kɔkɔ la” ate ŋu ana nya nyuia naɖo ame geɖe wu gbɔ. (1 Tim. 2:1, 2) Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ƒe dɔla ɖo aɖaŋu na Filipo be wòaƒo nu kple “amegã aɖe” si nye Etiopiatɔwo ƒe fianyɔnu ƒe nu xɔasiwo katã dzi kpɔla. Filipo see ŋutsua ‘nɔ Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽ la xlẽm wònɔ ɖiɖim’ eye wòɖe nya nyui si ku ɖe Yesu ŋu la me nɛ. Etiopiatɔ sia zu nusrɔ̃la eye anɔ eme be ekaka nya nyuia esi wònɔ mɔ dzi yina wo de. Anya ɖi ɖase na fianyɔnu la kple eŋutimewo hã, siwo nye ame siwo si ɖewohĩ mɔnukpɔkpɔ masu be woase nya nyui o.—Dɔw. 8:26-39.

4. Aleke míate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ ŋutsuwo geɖe wu be woase nya nyuia?

4 Ale Si Míawɔ Aɖi Ðase Na Ŋutsuwo Geɖe Wu: Esi wònye be zi geɖe la, ŋutsuwo dea dɔme ta la, ɖe nàte ŋu atrɔ asi le wò ɖoɖowo ŋu be nàte ŋu azã ɣeyiɣi geɖe wu le subɔsubɔdɔa me le fiẽwo, kwasiɖa nuwuwuwo, alo dukɔwo ƒe ŋkekenyuiwo gbea? Gbeƒãɖeɖe edziedzi le anyigbamama siwo me dɔwɔƒewo le me ana mɔnukpɔkpɔ geɖe wu nasu mía si míaɖi ɖase na ŋutsu siwo menɔa aƒe me o. Nɔviŋutsuwo ate ŋu adze agbagba hã aɖi vomeɖase na woƒe dɔwɔhati siwo nye ŋutsuwo. Ne míele tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm le anyigbamama siwo me míewɔa dɔ le edziedzi me la, nɔviŋutsuwo ate ŋu abia ɣeaɖewoɣi be yewoaƒo nu kple aƒea tɔ.

5. Ne nɔvinyɔnu aɖe ɖi ɖase na ŋutsu aɖe eye wòkpɔ ŋudzedze ɖe Fiaɖuƒegbedeasia ŋu la, nu kae wòle be nɔvinyɔnua nawɔ?

5 Ne nɔvinyɔnu aɖe ɖi ɖase na ŋutsu aɖe eye wòɖe ɖetsɔleme fia la, mele be nɔvinyɔnua ɖeɖe nawɔ tɔtrɔyia o. Ate ŋu ana srɔ̃aŋutsu alo gbeƒãɖela bubu aɖe nayi kplii. Ne ɖetsɔlemetɔa le ŋgɔyiyi wɔm la, zi geɖe la, anyo wu be woana nɔviŋutsu aɖe si dze nayi nusɔsrɔ̃a dzi kplii.

6. Aleke míate ŋu asrɔ̃ apostolo Paulo be míaƒe ‘asi nasu ame geɖewo dzi’?

6 Tia Nyati Siwo Me Ŋutsuwo Tsɔa Ðe Le: Apostolo Paulo bu eƒe nyaselawo ŋu eye wòtrɔ asi le eƒe ɖaseɖimɔnuwo ŋu be yeƒe ‘asi nasu ame geɖewo dzi.’ (1 Kor. 9:19-23) Nenema kee wòle be míawo hã míatia nyati siwo ado dzidzɔ na ŋutsu siwo míado go le gbeadzi eye míadzra ɖo ɖe eŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, zi geɖe la, ŋutsuwo tsia dzi ɖe ganyawo ƒe sesẽ, dziɖuɖu nyuiwo, kpakple woƒe ƒomea ta kpɔkpɔ kple woƒe dedienɔnɔ ŋu. Woate ŋu adi hã be yewoanya tameɖoɖo si le agbe ŋu, ale si anyigba ava nɔ le etsɔme kple nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo. Amewo aɖo to Fiaɖuƒegbedeasia geɖe wu ne míeɖea nugɔmesese sia tɔgbi fiana le ale si míeɖia ɖase na amewoe me.—Lod. 16:23.

7. Aleke hamea me tɔwo katã ƒe nuwɔna ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔ aɖe si kplɔ srɔ̃a ɖo va kpekpe la dzi?

7 Ði Ðase Na Nɔvinyɔnuwo Srɔ̃ Dzimaxɔsetɔwo: Togbɔ be mía nɔvi Kristotɔ nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nyuiwo kpɔa ŋusẽ nyuitɔ kekeake ɖe wo srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔwo dzi hã la, hamea me tɔwo hã ƒe nuwɔnawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe wo dzi. (1 Pet. 3:1-4) Ne srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔ aɖe kplɔ srɔ̃a ɖo va hamea ƒe kpekpe aɖe la, ale si gbegbe hamea ado vivi ɖe eŋui la akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe edzi. Eƒe vava afia be etsɔ ɖe le nyateƒea me va se ɖe afi aɖe ya teti eye ate ŋu alɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye.

8. Aleke nɔviŋutsuwo awɔ ate ɖe nɔvinyɔnuwo srɔ̃ dzimaxɔsetɔ siwo ɖea ɖetsɔleme aɖe fiana ɖe nyateƒea ŋu la ŋu ahakpe ɖe wo ŋui?

8 Le go bubu me la, srɔ̃ŋutsu aɖewo metsɔa ɖe le gbɔgbɔmenuwo me boo le gɔmedzedzea me o, ke hã, woate ŋu ava lɔ̃ be nɔviŋutsu aɖe si ƒe nu dzɔa dzi na yewo la nasrɔ̃ Biblia kpli yewo. Nɔviŋutsu aɖewo siwo le hame aɖe me la ɖoe koŋ be ne yewoyi ƒome aɖe si me ma le subɔsubɔnyawo gome srã ge kpɔ la, yewoaɖo dze kple srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔa tso nu siwo me wonya be etsɔa ɖe le la ŋu. Esia wɔe be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova ɖoa dze tso gbɔgbɔmenuwo ŋu; fifia srɔ̃ŋutsua xɔ nyɔnyrɔ. Nu si nɔviŋutsu aɖe hã wɔe nye be ekpe asi ɖe srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔ aɖe si nye exɔlɔ̃ la ŋu wòtɔ kpɔ ɖe eƒe aƒe ŋu. Esi wòɖe ɖetsɔleme fiae alea ta la, eva lɔ̃ be wòasrɔ̃ Biblia kpli ye. (Gal. 6:10; Fp. 2:4) Ne Kristotɔ ŋutsue nènye la, ɖe manyo be nàte ɖe nɔvinyɔnuwo srɔ̃ dzimaxɔsetɔ aɖewo ŋu oa?

9. Viɖe kawoe ate ŋu ado tso hehenana Kristotɔ ŋutsuwo me?

9 Mina Hehe Kristotɔ Ŋutsuwo Hena Agbanɔamedzi Xɔxɔ: Ŋutsu siwo xɔa Fiaɖuƒegbedeasia eye wominyaa subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔwo le Yehowa subɔsubɔ me la ate ŋu ava nɔ “nunana siwo nye amewo,” alo Kristotɔ hamemetsitsi siwo lɔ̃na faa zãa woƒe ŋutetewo kple woƒe ŋusẽ le Yehowa ƒe hameawo dzi kpɔkpɔ me, la dome. (Ef. 4:8; Ps. 68:19) Ŋutsu siawo tsɔa lɔlɔ̃nu faa kple didi vevie kplɔa Mawu ƒe amewo. (1 Pet. 5:2, 3) Yayra ka gbegbee nye esi wova nyena na nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa!

10. Aleke agbagba si Anania dze kpe ɖe Paulo ŋu la ɖe vi na ame geɖewoe?

10 Le kpɔɖeŋu me, Saul va zu ‘apostolo na dukɔwo’ togbɔ be eti Kristotɔwo yome tsã gɔ̃ hã. (Rom. 11:13) Esia tae nusrɔ̃la Anania medi be yeaɖi ɖase na Saul hafi o. Ke hã, Anania wɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe mɔfiame dzi eye wòƒo nu na ŋutsu sia si va zu apostolo Paulo. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, Paulo ƒe subɔsubɔdɔa ɖe vi na ame akpe geɖe siwo ɖo to eƒe gbedeasia eye nenema kee agbalẽ siwo gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ, siwo le Mawu ƒe Nya la me la, yi edzi le vi ɖem na ame miliɔn geɖewo hã.—Dɔw. 9:3-19; 2 Tim. 3:16, 17.

11. Nu ka tae wòle be míawɔ asitɔtrɔ ɖe sia ɖe si hiã be míaɖi ɖase na ŋutsuwo?

11 Eya ta mina míawɔ asitɔtrɔ ɖe sia ɖe si hiã be míate ŋu aɖi ɖase na ŋutsuwo geɖe wu. Ne míedo vevie nu le esia wɔwɔ me la, míeka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe míaƒe agbagbadzedze be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu ahalé be na Fiaɖuƒea ƒe nuwo la dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe