Àte Ŋu Akpe Ðe Nɔvi Aɖe Srɔ̃ Si Menye Ðasefo O La Ŋua?
1. Nu ka tae menye Kristotɔ siwo le ƒome si me ma le subɔsubɔ gome me la koe dina be yewoakpe ɖe yewo srɔ̃ si menye haxɔsetɔ o la ŋu wòaxɔ nyateƒea o?
1 Ðe gbeƒãɖela aɖewo le miaƒe hamea me siwo srɔ̃wo menye Ðasefowo oa? Ne nenemae la, ɖikeke mele eme o be gbeƒãɖela siawo ƒe didie nye be yewo srɔ̃wo nawɔ ɖeka kpli yewo le tadedeagu vavãtɔa me. Gake menye woawo ɖeɖe koe dii nenema o. Enye hame bliboa ƒe didi, abe ale si Mawu hã “ƒe lɔlɔ̃nue nye be woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si” ene. (1 Tim. 2:4) Alekee míate ŋu akpe ɖe gbeƒãɖela siwo le míaƒe hamea me, siwo srɔ̃wo menye Ðasefowo o la ŋu?
2. Alekee nugɔmesese akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu ɖe nɔvi aɖe srɔ̃ si menye Ðasefo o ŋu?
2 Gbã la, ele be míadze agbagba abu nuwo ŋu abe ale si ame siwo menye haxɔsetɔwo o la bua woe ene. Srɔ̃tɔ siwo menye haxɔsetɔwo o la dometɔ geɖe lɔ̃ woƒe ƒomea eye wodzea agbagba be yewoanye srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu kple dzila nyuiwo. Ðewohĩ, subɔsubɔdzixɔse aɖewo le wo si siwo to vovo na mía tɔwo, siwo wobua nu veviwoe. Eye anɔ eme be womenya nu boo aɖeke tso Yehowa Ðasefowo ŋu o, negbe nyatakaka ʋɛ aɖewo siwo wose tso wo xɔlɔ̃wo, siwo menya mí nyuie o eye ɖewohĩ wobua nazã ɖe mía ŋu la, gbɔ ko. Etena ɖe wo dometɔ aɖewo dzi be wo srɔ̃ zãa ɣeyiɣi si wòzãna tsã ɖe ƒomea ŋu la ɖe tadeagunyawo ŋu. Nugɔmesese akpe ɖe mía ŋu be, ne míedo go mía nɔvi aɖe srɔ̃ si menye haxɔsetɔ o la, míawɔ nu ɖe eŋu ameŋububutɔe ahade bubu eŋu eye míaƒo asa na dzikudodo madzemadze.—Lod. 16:20-23.
3. Mɔ nyuitɔ ka dzie míate ŋu ato ana nyateƒea nadzro nɔvi aɖe srɔ̃ si menye haxɔsetɔ o?
3 Tsɔ Ðe Le Nu Si Doa Dzidzɔ Nɛ La Me: Mɔ nyuitɔ si dzi míato ana nyateƒea nadzro srɔ̃tɔ si menye haxɔsetɔ o la le gɔmedzedzea me ate ŋu anye ale si míewɔa nu ɖe eŋu, ke menye to Biblia me dzodzro kplii dzi o. (1 Pet. 3:1, 2) Nu si le vevie le go sia mee nye ɖetsɔtsɔ le eme nɛ. Nɔvinyɔnuwo ate ŋu atsɔ ɖe le eme na srɔ̃nyɔnu si menye haxɔsetɔ o, eye nɔviŋutsuwo hã ate ŋu awɔ nenema ke na srɔ̃ŋutsu si menye haxɔsetɔ o. Aleke woawɔ esiae?
4. Alekee míate ŋu aɖe ɖetsɔleme afia?
4 Ne mèdo go nɔvi Kristotɔa srɔ̃ kpɔ o la, ɖewohĩ anyo be mia kple nɔvia mialée kpɔ hafi nàte ɖe eŋu. Dzi megaɖe le ƒowò ne mexɔ wò nyuie zi gbãtɔ si nàdo goe o. Míaƒe nuwɔwɔ xɔlɔ̃wɔwɔtɔe kple ɖetsɔtsɔ le eme nɛ ate ŋu ana nukpɔsusu nyui nasu esi ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu. (Rom. 12:20) Kristotɔ aɖewo siwo tsi le gbɔgbɔ me la wɔa ɖoɖo kpea srɔ̃tɔ dzimaxɔsetɔ aɖe kple eƒe ƒomea vaa fiẽnuɖuƒe kple susu be yewoanya yewo nɔewo nyuie wu eye be yewoaɖɔ eƒe susu ɖo nenye be ɖewohĩ ebua nazã ɖe mía ŋu le mɔ aɖewo nu. Woƒoa nu tso nu siwo doa dzidzɔ nɛ ŋu gbã, le esi woate nuƒoƒo tso gbɔgbɔmenuwo ŋu enumake teƒe. Emegbe la, ne dzimaxɔsetɔa ɖe dzi ɖi nyuie vɔ la, wotea ŋu ɖoa dze tso Ŋɔŋlɔawo me nyawo ŋu. Alo ate ŋu alɔ̃ be yeava míaƒe kpekpeawo dometɔ aɖe be yease nu si srɔ̃m srɔ̃anyɔnua le, vevietɔ esi wònya hamea me tɔ aɖewo vɔ ta. Nenye be mele klalo be yeasrɔ̃ nyateƒea o gɔ̃ hã la, míate ŋu akafui ɖe ale si wòkpea asi ɖe srɔ̃a ŋu la ta.
5. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe mía nɔviwo srɔ̃ dzimaxɔsetɔwo ŋu?
5 Hamemetsitsiwoe wòle na vevie be woakpe ɖe mía nɔviwo srɔ̃ dzimaxɔsetɔwo ŋu eye woanɔ ŋudzɔ awɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋu dɔ aɖi ɖase na wo. Dzimaxɔsetɔ aɖe si mekpɔa ŋudzedze ɖe Biblia me dzodzro ŋu o la alɔ̃ faa aɖo to dzideƒonya siwo tso Ŋɔŋlɔawo me ne woxɔe ɖe kɔdzi alo ele lãmesẽkuxi sesẽwo me tom. Ne afɔku aɖe dzɔ ɖe ƒome aɖe si me ma le subɔsubɔnyawo gome dzi, ɖewohĩ ƒomea me tɔ aɖe ku, eye hamemetsitsiwo yi akɔ fa ge na nɔviawo la, woate ŋu akpe ame si menye Ðasefo o hã wòanɔ wo dome.
6. Susu nyui kawoe li siwo tae wòle be míakpe ɖe mía nɔviwo srɔ̃ dzimaxɔsetɔwo ŋu?
6 Bu ale si gbegbe dzi adzɔ nɔvi Kristotɔ aɖe si le míaƒe hamea me ne srɔ̃a va xɔ nyateƒea ŋu kpɔ! Dzidzɔnya sia ana Yehowa nakpɔ dzidzɔ ŋutɔ, eye ado dzidzɔ na mawudɔlawo kple hamea me tɔ susɔeawo hã. (Luka 15:7, 10) Gake ne srɔ̃tɔa meɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia le gɔmedzedzea me o hã la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ be Yehowa, ame si “medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be amewo katã naɖo dzimetɔtrɔ gbɔ” la, kpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo dzem míele ŋu.—2 Pet. 3:9.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]
Mɔ nyuitɔ si dzi míato ana nyateƒea nadzro srɔ̃tɔ si menye haxɔsetɔ o la le gɔmedzedzea me ate ŋu anye ale si míewɔa nu ɖe eŋu, ke menye to Biblia me dzodzro kplii dzi o