Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ September 1
“Ame geɖe susuna be nyakpakpae Adam kple Xawa ƒe ŋutinya si le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me la nye. Ame bubuwo hã xɔe se be ame ŋutɔŋutɔ siwo nɔ anyi kpɔ ye Adam kple Xawa nye. Nu kae nye wò susu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya si Yesu gblɔ tso wo ŋu ɖa. [Xlẽ Marko 10:6-9.] Nyati sia dzro kpeɖodzi siwo ɖee fia be menye nyakpakpae woƒe ŋutinyaa nye o la me, eye wòɖe nu si tae nu si dzi míexɔ se la le vevie hã me.” Tsɔ nyati si dze le axa 12 lia fiae.
Awake! September
Xlẽ 1 Yohanes 4:8. Emegbe nàgblɔ be: “Ame aɖewo xɔe se be Mawu wɔa funyafunya ame vɔ̃ɖiwo le dzo mavɔ me tegbee. Ame bubuwo hã sena le wo ɖokui me be nya ma mewɔ ɖeka kple nu si míexlẽ fifi laa o. Nu kae nye wò susu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nyati sia ɖe nu si Biblia fia le nya sia ŋu la me.” Tsɔ nyati si dze le axa 10 lia fiae.
Gbetakpɔxɔ October 1
“Mía dometɔ ɖe sia ɖe doa go kuxiwo le agbe me. [He susu yi kuxi siwo bɔ ɖe miaƒe nutoa me la dometɔ aɖewo dzi.] Èsusu be Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le nya siawo mea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Luka 11:13.] Le mawunyakpukpui sia me la, Yesu ɖe mɔ aɖe si dzi Mawu tona kpena ɖe mía ŋu la fia. Magazine sia ɖe nu si gbɔgbɔ kɔkɔe la nye kple ale si wòate ŋu akpe ɖe mía ŋui la me.”
Awake! October
“Kuxiwo ado mo ɖa le ƒome ɖe sia ɖe me godoo. Afi kae nèsusu be ƒomewo ate ŋu atrɔ ɖo axɔ aɖaŋuɖoɖo nyui siwo akpe ɖe wo ŋu la le? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Psalmo 32:8.] Nyɔ! ƒe tata tɔxɛ sia ƒo nu tso Biblia me gɔmeɖose aɖewo koŋ siwo ne wowɔ wo dzi la woate ŋu akpe ɖe ƒomewo ŋu la ŋu.”