Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ January 1
“Èsusu be Mawu tsɔ ɖe le ale si wole míaƒe nutoa me gblẽmee la mea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Nyaɖeɖefia 11:18.] Nyati sia he susu yi nya siwo Ŋɔŋlɔawo gblɔ siwo tae wòle be míanɔ mɔ kpɔm be nuwo ava nyo le anyigba dzi le etsɔme la dzi.” Tsɔ nyati si dze le axa 18 lia la fiae.
Awake! January
“Le ame geɖe gome la, ne wodo go kuxiwo la, wosusunɛ be Mawu ye le to hem na yewo. Wò hã èse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Yakobo 1:13.] Nyati sia ɖe nu si tututu gbɔe míaƒe kuxiwo tso kple nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be míaƒe fukpekpewo katã nu ava yi kpuie la me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 28 lia la fiae.
Gbetakpɔxɔ February 1
“Èsusu be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe subɔsubɔhawo katã ŋua? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nya si Yesu gblɔ le afi sia ɖa. [Xlẽ Mateo 15:8, 9.] Nyati sia ana míanya nenye be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe subɔsubɔ ƒomeviwo katã ŋu loo alo mekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu o.” Tsɔ nyati si dze le axa 9 lia la fiae.
Awake! February
“Nu siwo katã le anyigba dzi la ɖee fia be ɖe wowɔ anyigba la be wòalé agbe ɖe te. Èsusu be ɖeko anyigbadzinuwo dzɔ le vo me koa, alo èxɔe se be Wɔla aɖee wɔ woa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame geɖe lɔ̃ ɖe mawunyakpukpui sia me nyawo dzi. [Xlẽ Psalmo 104:24.] Magazine sia dzro kpeɖodzi siwo le dzɔdzɔmeŋutinunya kple Ŋɔŋlɔawo siaa me be Wɔla aɖe li la me.”