‘Nuɖuɖu Le Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzi’
1. Alekee ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si míede nyitsɔ laa la ɖe vi na mia kple ame bubuwo?
1 Zi geɖe la, ne míede míaƒe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛwo la, míegblɔna be, “Nu sia tututue míehiã!” Nutome sue dzikpɔla aɖe gblɔ be, esi gbeƒãɖela aɖewo siwo le yeƒe nutome suea me la de takpekpe aɖe si wowɔ nyitsɔ laa vɔ la, wogblɔ be yewodi be yewoawɔ geɖe wu le subɔsubɔdɔa me. Dzikpɔla mɔzɔla aɖe gblɔ be, “Ekpe ɖe mía ŋu míebua afi si míeva ɖo na ɣeyiɣia la ŋu nyuie ne míele ŋugble dem le tiatia siwo míawɔ le agbe me la ŋu.” Dzikpɔla bubu hã gblɔ be, “Gbeƒãɖela geɖewo gblɔ be yewobui be esia nye ŋkuɖoɖo nu dzi na yewo be yewoawɔ ɖe sia ɖe be yewoƒe ŋku nanɔ nu vevitɔ, si nye subɔsubɔdɔa, la ŋu.” Aleke ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si míede nyitsɔ laa la kpe ɖe ŋuwòe?
2. Nya kawo mee woadzro le ŋkeke ɖeka takpekpe si míade le subɔsubɔƒe si gbɔna me la me?
2 Ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si míawɔ le subɔsubɔƒe si gbɔna me la hã me nyawo anye nu siwo tututu míehiã. Eƒe tanyae nye, ‘Si Yehowa Tso,’ si woɖe tso Psalmo 118:8, 9. Nya siwo me woadzro le takpekpe sia me la dometɔ aɖewoe nye: “Ale Si Yehowa Nye Mɔ Sesẽ Le Xaxaɣiwo,” “Kpe Ðe Amewo Ŋu Woadi Sitsoƒe Le Yehowa Ƒe Aʋala Te,” “Nye Sitsoƒe Na Amewo Le Yehowa Sɔsrɔ̃ Me,” “Sɔhɛwo, Mina Yehowa Nanye Miaƒe Ŋuɖoɖeŋutɔ!” kple “Míaƒe Gbɔgbɔmeparadiso La—Sitsoƒe Ƒe Ðoɖo Si Yehowa Wɔ Ye Wònye.”
3. Aleke míawɔ be takpekpea me nyawo nate ŋu aɖe vi na mí bliboe?
3 Ale Si Nàwɔ Wòaɖe Vi Na Wò: Ne wona mienya ŋkeke si dzi miade takpekpea ko la, wɔ ɖoɖo nyuie ɖe edede ŋu, eye kpe wò Biblia nusrɔ̃viwo woadee kpli wò. Be ‘míatse ku le dzidodo’ me la, ele be míalé nya siwo míesena la me ɖe asi. (Luka 8:15) Eya ta lé to ɖe nuƒoawo ŋu nyuie, wɔ nuƒoawo me nya veviwo kple mɔfiame siwo ŋu dɔ nèdi be yeawɔ le wò agbe me kple subɔsubɔdɔa me la ŋuti nuŋlɔɖi kpuiwo. Di ɣeyiɣi mia kple wò ƒomea miadzro takpekpea me nyawo me, eye miadzro mɔ siwo koŋ nu miate ŋu awɔ nyaawo ŋu dɔ le la me.
4. Nu ka tae wòle be míanɔ mɔ kpɔm na ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si gbɔna la vevie?
4 Abe nuɖuɖu vivi si me nunyiamewo le ene la, wowɔ lɔlɔ̃ kple nuŋububu geɖe ŋu dɔ le asitɔtrɔ le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si míawɔ le ƒe si gbɔna me ŋu me. Yehowa neyra ɖe agbagba siwo nàdze be nàte ŋu ade takpekpea la dzi, bene ‘nuɖuɖu sia si wona le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi’ be wòanyi subɔla Kristotɔwo le gbɔgbɔ me la naɖe vi na wò.—Mat. 24:45.