Ðoɖo Yeye Hena Takpekpe Suewo me Nyawo me Dzodzro
Esi Satana ƒe xexea yi edzi le gbegblẽm ɖe edzi la, Yehowa doa ŋusẽ mí “bena míagbe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexeame nudzodzrowo, eye míanɔ anyi le ɖokuidziɖuɖu kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ kpakple mawusosroɖa me le xexe sia me.” (Tito 2:12) Ðoɖo siwo wòwɔ to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” dzi dometɔ aɖewoe nye nutome sue kple ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ siwo míewɔna ƒe sia ƒe. (Mat. 24:45) Aleke gbegbee gbɔgbɔ me ƒuƒoƒo siawo doa ŋusẽ míi enye esi!
Be woakpe ɖe mía ŋu míaɖo ŋku nufiame siwo wonana dzi ahatsɔ wo ade dɔwɔwɔ me la, wowɔ ɖoɖo yeye aɖe hena takpekpe siawo me nyawo me toto, si ŋudɔ míawɔ le ƒe 2005 subɔsubɔƒea me. Le January 2005 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me la, woata nyati siwo aƒo nu tso nusiwo me woadzro le takpekpea me ŋu eye woata numetotobiabiawo hena takpekpeŋkeke ɖesiaɖe ƒe ɖoɖowɔɖi. Hamewo adzro nya mawo me le Subɔsubɔ Kpekpea me do ŋgɔ kpuie na takpekpeawo dede kpakple le wo dede vɔ megbe kpuie. Aleke woawɔ esiae?
Kwasiɖa ɖeka alo eve do ŋgɔ hafi hamea nade nutome sue takpekpea la, woaƒo miniti ewo ƒe nuƒo aɖe si wotu ɖe nyati si nye “Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye” dzi le Subɔsubɔ Kpekpea me be woana míanɔ mɔ kpɔm na ɖoɖowɔɖia. Nuƒolaa ahe susu ayi numetotobiabiawo dzi ahade dzi ƒo na amesiame be wòawɔ nuŋlɔɖiwo be wòadzra ɖo na numetoto si woawɔ le kwasiɖa ʋɛ siwo akplɔ takpekpea ɖo me.
Kwasiɖa ʋɛ aɖewo le takpekpea dede vɔ megbe la, woatsɔ miniti 15 ƒe numedzodzro aɖe si aku ɖe takpekpea ƒe ŋkeke gbãtɔ wɔnawo ŋu ade Subɔsubɔ Kpekpea me. Le kwasiɖa si gakplɔe ɖo me la, woazã miniti 15 atsɔ adzro ɖoɖowɔɖia ƒe ŋkeke evelia me. Takpekpea ƒe numetotobiabia siwo woata ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ mee woazã atsɔ awɔ numedzodzro siawoe. Numedzodzroawo neku ɖe alesi míatsɔ nyaawo awɔ dɔe ŋutɔŋutɔ ŋu. Hamemegãwo ate ŋu awɔ ɖoɖo be woaɖiɖi Subɔsubɔ Kpekpea ƒe akpa aɖewo ƒe game dzi akpɔtɔ, aɖe ɖewo ɖa, alo agbugbɔ atrɔ asi le ɖoɖowɔɖia ŋu be woakpɔ ɣeyiɣi awɔ numetotoawo.
Ðoɖo sia ke dzie woazɔ ɖo le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ hã gome, si woazã miniti 15 ko atsɔ adzro ŋkekea ƒe ɖoɖowɔɖia katã me. Mía dometɔ ɖesiaɖe adi be yeadzra emedegbalẽvi si me woata numetotobiabiawo ɖo la ɖo nyuie ahazãe be wòakpɔ viɖe bliboe atso nufiame si Yehowa nana me.—Yes. 48:17, 18.