INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/11 axa 1
  • Míaɖi Ðase Nyui Aɖe Na Wo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míaɖi Ðase Nyui Aɖe Na Wo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mixɔ Wo Nyuie!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Aleke Míate Ŋu Akpe Ðe Ŋkuɖodzia Valawo Ŋui?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Xɔ Míaƒe Amedzroawo Nyuie
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Na Woƒe Dzi Nedze Eme le Ŋkuɖodzia Ðuƒe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 4/11 axa 1

Míaɖi Ðase Nyui Aɖe Na Wo

1. Le nuƒo si woaƒo megbe la, nu kawo hãe awɔ dɔ ɖe ame siwo ava Ŋkuɖodzia la dzi? Ðe eme.

1 Ɣekaɣi? Zã si me míaɖu Ŋkuɖodzia ye. Míele agbagba geɖe dzem le amewo kpem be woava wɔ ɖeka kpli mí. Menye nya si vavalawo ase le wɔnaa wɔƒe la ɖeɖe koe awɔ dɔ ɖe wo dzi o. Esi nyɔnu aɖe de Ŋkuɖodzia la, eƒo nu tso nu si koŋ teƒe wòkpɔ ŋu—eyae nye vividoɖeameŋu si ame sia ame ɖe fia kpakple akpata si lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo tu, si wolé be na nyuie, la ƒe atsyɔ̃ɖoɖo. Eya ta akpa si mía dome ame sia ame awɔ ye anye ɖaseɖiɖi na wo le wɔna vevitɔ si míawɔ le ƒea me la dzi, ke menye nuƒo si nuƒolaa aƒo la ɖeɖe koe o.—Ef. 4:16.

2. Aleke mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu aɖi ɖase na vavalawo?

2 Do Gbe Na Vavalawo Vividoɖeameŋutɔe: Alɔgbɔnukoko lɔlɔ̃tɔe kple gbedodo na vavalawo vividoɖeameŋutɔe azu ɖaseɖiɖi na wo. (Yoh. 13:35) Ne mète ŋu ɖo dze kple wo dometɔ ɖe sia ɖe o hã la, àte ŋu aɖe ɖokuiwò afia ame siwo mele adzɔge boo tso gbɔwò o la vividoɖeameŋutɔe. (Heb. 13:1, 2) Nɔ ŋudzɔ ɖe vavala siwo wòadze ƒãa be womenya ame aɖeke le mía dome o la ŋu. Anɔ eme godoo be amekpekpedɔ si míewɔ mee woanya kpe wo le. Àte ŋu abia amea be, “Zi gbãtɔe nye esia nèva afi sia?” Kpe wo be woanɔ anyi ɖe xawò, eye na woanya be èle klalo aɖo nyabiase ɖe sia ɖe ŋu na wo. Ne ahiã be miaƒe hamea nadzo le teƒea kaba be hame bubu hã nate ŋu azã teƒea la, àte ŋu abia be: “Aleke nèkpɔ wɔna lae? Aleke mawɔ ate ŋu ake ɖe ŋuwò?”

3. Alekee wòle be míaxɔ ame siwo dzudzɔ gbeadzidede siwo va Ŋkuɖodzia?

3 Xɔ Ame Siwo Dzudzɔ Gbeadzidede La Nyuie: Ðikekemanɔmee la, gbeƒãɖela siwo dzudzɔ gbeadzidede la ava godoo, eye ame siwo medea ha kple hamea edziedzi o, evɔ wovaa Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe hã ava. Do wòezɔ na wo, eye na woanya be edo dzidzɔ na wò ŋutɔ be nèkpɔ wo. (Rom. 15:7) Anyo be hamemetsitsiwo nayi aɖasrã wo kpɔ le woƒe aƒewo me kaba ne woade dzi ƒo na wo be woayi edzi anɔ ha dem kple hamea. Míele gbe dom ɖa be esia naʋã vavalawo dometɔ geɖe be woakafu Mawu, menye le nya siwo woase la ɖeɖe ko ta o, ke le “dɔ nyui siwo teƒe [woakpɔ]” la hã ŋuti.—1 Pet. 2:12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe