Mixɔ Wo Nyuie!
1. Wɔna kae ʋua mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ ɖi na mí be míaɖi ɖase, eye nu ka tae?
1 Wɔna siwo ʋua mɔnukpɔkpɔ gã ɖi na mí be míaɖi ɖase la dometɔ vevitɔe nye Ŋkuɖodzizã si míeɖuna ƒe sia ƒe. Bu nya sia ŋu kpɔ: Le ƒe sia me la, ame miliɔn ewo kple edzivɔe míele mɔ kpɔm be woade Ŋkuɖodzia kpli mí ahase tafevɔsa si nye Mawu kple Via ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia gãtɔ kekeake la ŋu nya. (Yoh. 3:16; 15:13) Vavalawo ava kpɔ yayra siwo ƒe mɔnu Yehowa to tafevɔsaa dzi ʋu ɖi na wo. (Yes. 65:21-23) Gake menye nuƒola la koe aɖi ɖase le Ŋkuɖodzia wɔɣi o. Mɔnukpɔkpɔ aʋu ɖi na mí katã be míaɖi ɖase sẽŋu aɖe nenye be míexɔ vavalawo nyuie.—Rom. 15:7.
2. Aleke míawɔ axɔ Ŋkuɖodzia valawo nyuie?
2 Le esi nàva nɔ anyi kpoo anɔ lalam be woadze wɔnaa gɔme teƒe la, nu ka tae màte ɖe ame yeyewo ŋu aɖe ɖokuiwò afia wo ahaɖo dze kpli wo o? Ate ŋu adzɔ be ame yeyewo natsi dzodzodzoe eye womanya nu siwo ayi edzi o. Míaƒe gbedonamewo kple alɔgbɔnukoko vividoɖeameŋutɔe ana woaɖe dzi ɖi. Àte ŋu anya ne míaƒe amekpekpea dzie amea zɔ ɖo va ne èbiae be esiae nye zi gbãtɔ si wòva míaƒe kpekpewo alo ne èbiae be enya ame aɖe le hamea me hã. Ðewohĩ àte ŋu ana wòanɔ anyi ɖe gbɔwò ale be wòanɔ wò Biblia kple hadzigbalẽ me kpɔm. Ne Fiaɖuƒe Akpataa mee miawɔ Ŋkuɖodzia le la, àte ŋu akplɔ amea aɖi tsae vie le akpataa me. Le wɔnaa megbe la, ɖo dze kplii nàɖo biabia siwo anɔ esi ŋu nɛ. Ne ehiã be miaƒe hamea nadzo le akpataa me kaba ale be hame bubu nava ɖe mia yome la, ke àte ŋu agblɔ nɛ be: “Madi be nàgblɔ ale si nèkpɔ wɔna siae nam. Àte ŋu atsɔ wò telefon xexlẽdzesi nam eye nàfiam afi si nèle ne mava di wò kpɔa?” Wɔ ɖoɖo nàyi aɖatu eƒe ɖetsɔlemea ɖo. Hamemetsitsiwo adi be yewoanɔ ŋudzɔ ɖe dzidede ƒo na ame siwo dzudzɔ gbeadzidede siwo va Ŋkuɖodzia ŋu.
3. Nu ka tae wòle vevie be míaxɔ Ŋkuɖodzia valawo nyuie?
3 Le vavala geɖe gome la, esiae anye zi gbãtɔ na wo be woaɖɔ Yehowa ƒe amewo ƒe gbɔgbɔmeparadiso si me dzidzɔ, ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ le la akpɔ. (Ps. 29:11; Yes. 11:6-9; 65:13, 14) Nu kawoe atsi susu me na wo woatsɔ ayi aƒe me? Akpa gãtɔ anɔ te ɖe ale si míexɔ woe dzi.