INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/11 axa 1
  • Kpe Ðe Aƒemenɔlaa Ŋu Be Wòade Ŋugble

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Ðe Aƒemenɔlaa Ŋu Be Wòade Ŋugble
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tɔtrɔyi Siwo Le Bɔbɔe Hetsea Ku
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Wɔ Ðe Sikasededea Dzi Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Gome Kpɔkpɔ Dzidzedzetɔe le Míaƒe Agbeɖeɖedɔa Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Kpe Ðe Amewo Ŋu be Woasrɔ̃ Nu tso Mawu ƒe Vi Yesu Kristo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 10/11 axa 1

Kpe Ðe Aƒemenɔlaa Ŋu Be Wòade Ŋugble

1. Gbeƒãɖeɖemɔnu kae nye nyuitɔ?

1 Mɔnu eve siawo dometɔ kae tsea ku wu le gbeƒãɖeɖedɔa me—gbeƒãɖelaa nate tɔ ɖe eƒe nyawo dzi loo, alo gbeƒãɖelaa nakpe ɖe aƒemenɔlaa ŋu wòade ŋugble eye eya ŋutɔ nawɔ nyataƒoƒo si sɔ? Apostolo Paulo zã mɔnu evelia esime wònɔ nu ƒom na Yudatɔwo le Tesalonika, “eya ta wo dometɔ aɖewo va zu xɔsetɔwo.” (Dɔw. 17:2-4) Nu kae ŋugbledede kple amewo bia?

2. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua ne míele nya nyuia gblɔm?

2 Bu Amewo Ƒe Seselelãme Kple Nu Si Dzi Woxɔ Se Xoxo La Ŋu: Be míade ŋugble kple amewo bia be míabu ame siwo le míaƒe anyigbamamaa me la ƒe seselelãmewo ŋu. Esi Paulo dze dutoƒonuƒo aɖe si wòƒo le Areopago na Helatɔ siwo menye xɔsetɔwo o gɔme la, eƒo nu tso nu siwo anɔ eme godoo be ameawo nya xoxo, siwo dzi woda asi ɖo la ŋu. (Dɔw. 17:22-31) Eya ta ne èle ɖaseɖinya si nàzã dzram ɖo la, bu nu siwo dzi ame geɖe xɔ se kple nu siwo ŋu wobua nazã le la ŋu. (1 Kor. 9:19-22) Ne aƒemenɔla aɖe tsi tre ɖe nya aɖe ŋu la, dze agbagba nàdi nya la ƒe akpa aɖe si dzi mi ame avea mielɔ̃ ɖo, eye nàtu wò dzeɖoɖoa ɖe ema dzi.

3. Aleke míate ŋu azã nyabiasewo aɖaŋutɔe atsɔ ade ŋugble kple amewo nyuie wu?

3 Zã Nyabiasewo Aɖaŋutɔe: Ne míenya afi si mɔzɔla aɖe va ɖo hafi le mɔ ta biam la, eya ko hafi míate ŋu afia mɔ si wòato aɖo afi si yim wòle lae. Nenema kee, ne míenya aƒemenɔla aɖe ƒe nukpɔsusu le nya si me dzrom míele ŋu ko hafi míate ŋu akpe ɖe eŋu wòaɖo nyataƒoƒo si sɔ gbɔ. Hafi Yesu nade ŋugble kple nyasela aɖe la, zi geɖe la, ebiaa nya amea be yeanya eƒe nukpɔsusu. Le kpɔɖeŋu me, esime ŋutsu aɖe bia Yesu be, “Nu ka wɔwɔe ana manyi agbe mavɔ la dome?” hã la, Yesu bia ŋutsua ƒe nukpɔsusu hafi ɖo nyaa ŋu nɛ. (Luka 10:25-28) Ɣebubuɣi la, esi Petro na ŋuɖoɖo aɖe si mesɔ o la, Yesu zã nyabiasewo aɖaŋutɔe tsɔ ɖɔ eƒe nukpɔsusu ɖo. (Mat. 17:24-26) Eya ta ne aƒemenɔla aɖe bia nya alo ɖe nukpɔsusu masɔmasɔ aɖe gblɔ la, míate ŋu azã nyabiasewo atsɔ akpe ɖe eŋu wòade ŋugble tso nyaa ŋu.

4. Nu ka tae wòle be nàkpe ɖe aƒemenɔlaa ŋu be wòade ŋugble?

4 Ne míekpe ɖe aƒemenɔlaa ŋu wòde ŋugble tso nyaa ŋu la, míetoa esia me srɔ̃a Nufiala Gã, Yesu, kpakple nya nyui gbeƒãɖela bibi bubu siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me. Esia ɖenɛ fiana be míede asixɔxɔ aƒemenɔlaa ŋu eye míede bubu eŋu. (1 Pet. 3:15) Esia ate ŋu awɔe be wòalɔ̃ be míatrɔ ava ye gbɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe