Míaƒe Nutome Gã Takpekpewo Nyea Ðaseɖiɖi Sẽŋu Tso Nyateƒea Ŋu
1. Nyateƒenya vevi kawo me Israel viwo dzrona, siwo hã ŋu wodea ŋugble le ne wode ŋkekenyui siwo woɖuna edziedzi la ɖuƒe?
1 Blema Israel viwo ƒoa ƒu zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me hena gomekpɔkpɔ le ŋkekenyui siwo woɖuna edziedzi la me. Togbɔ be ŋutsuwo si koe wobia tso be woade ŋkekenyui siawo ɖuƒe hã la, zi geɖe la, ƒome bliboa ye zɔa mɔ yia Yerusalem ɖakpɔa gome le takpekpe dodzidzɔname siawo me. (5 Mose 16:15, 16) Takpekpe siawo ʋua mɔnukpɔkpɔ ɖi na wo be woadzro gbɔgbɔmenyateƒe veviwo me ahade ŋugble tso wo ŋu. Nyateƒe siawo ƒe ɖewo ɖe? Ðekae nye be Yehowa nye Nunala lɔ̃ame si nyoa dɔme. (5 Mose 15:4, 5) Bubu hãe nye be woate ŋu aka ɖe eƒe mɔfiafia kple ametakpɔkpɔ dzi. (5 Mose 32:9, 10) Israel viwo ate ŋu ade ŋugble le nyateƒe si wònye be wonye Yehowa ƒe dukɔ si ŋu woyɔ eƒe ŋkɔ ɖo, siwo wòle na be woanɔ agbe wòaɖe eƒe dzɔdzɔenyenye afia hã ŋu. (5 Mose 7:6, 11) Alea tɔgbie nutome gã takpekpe siwo míedena ƒe sia ƒe egbea hã ɖea vi na míi.
2. Aleke nutome gã takpekpe ƒe ɖoɖowɔɖia ana nyateƒea me nagakɔ ɖe edzi wu?
2 Ðoɖowɔɖia Naa Nyateƒea Me Kɔna: Le míaƒe nutome gã takpekpewo me la, míesea nuƒowo, míekpɔa dramawo kple wɔwɔfiawo hesea gbebiame siwo kpena ɖe mía ŋu míesea Biblia me nyateƒeawo gɔme hewɔa wo ŋu dɔ nyuie. (Yoh. 17:17) Wotrɔ asi le nu geɖe ŋu le takpekpe si gbɔna la ŋu xoxo. Yehowa ƒe habɔbɔa le ɖoɖowɔɖi aɖe, si ŋu wotrɔ asi le etɔxɛ be wòakpɔ nu siwo nye Ðasefo siwo le xexea me godoo ƒe nuhiahiãwo le ŋkeke siawo me gbɔ la, wɔm. (Mat. 24:45-47) Ðe nèdi vevie be yeakpɔ eye yease nu siwo katã wodzra ɖo ɖi ɖe takpekpea sia mea?
3. Nu kae wòle be míawɔ be takpekpea naɖe vi na mí?
3 Le nyateƒe me la, takpekpea aɖe vi na mí ŋutɔ ne míedee ŋkeke etɔ̃awo katã eye míeɖo to nyuie. Ne mèkpɔ bia mɔ le wò dɔmemegã gbɔ haɖe o la, ke te ɖe eŋu fifia nàgblɔe nɛ. Kpɔ egbɔ be nèdɔ alɔ̃ wòsu wò nyuie zã ɖe sia ɖe ale be nànɔ ŋudzɔ le takpekpea me. Ame geɖe kpɔe be nuƒolaa kpɔkpɔ tututu kple nuŋlɔɖi kpuiwo wɔwɔ kpena ɖe yewo ŋu yewonɔa ŋudzɔ. Mègaɖe mɔ wò asitelefon alo wò nyatakakaxɔmɔ naɖe toɣli wò ŋutɔ alo ame bubuwo o. Ƒo asa na nuƒoƒo, nyaɖoɖoɖa to asitelefon dzi, nuɖuɖu, alo nu viviwo nono ne takpekpea le edzi yim.
4. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu takpekpea naɖe vi na wo?
4 Le Sabat ƒewo me la, ne Israel viwo ƒe ƒomewo ƒo ƒu be woaxlẽ Se la sesĩe yewoase le Agbadɔŋkekenyuiɖuɣiwo la, wo ‘viwo’ hã nɔa wo ŋu “ne woaɖo to, eye woasrɔ̃ nu.” (5 Mose 31:12) Aleke gbegbe wòade dzi ƒoe nye esi ne ƒomewo nɔ anyi ɖekae le takpekpea me eye ɖeviwo le ŋudzɔ hele to ɖom vevie! Le fiẽ ɖe sia ɖe me la, ɖe manyo be miagbugbɔ ato miaƒe nuŋlɔɖiwo me eye miadzro nu siwo miese le takpekpea me siwo de dzi ƒo na mi koŋ la me oa? Míede dzesii be le dramawo wɔɣi la, dzila aɖewo ɖea asi le wo viwo ŋu woyina ɖanɔa nyaselawo ŋgɔ kpakple ɖevi bubu geɖewo. Esia mesɔ o. “Bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu,” eya ta anyo be dzilawo ƒe ŋku nanɔ wo vi suewo kple esiwo le woƒe ƒewuiwo me gɔ̃ hã ŋu ɣeawokatãɣi. Ele be woawɔ esia le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣia kple emegbe, le afi sia afi si ƒomea dze la siaa, ke mele be woaɖe asi le wo ŋu woawɔ ‘bometsinu’ aɖeke o.—Lod. 22:15; 29:15.
5. Aleke míaƒe agbenɔnɔ nyuie le takpedua me ɖoa atsyɔ̃ na nyateƒe lae?
5 Míaƒe Agbenɔnɔ Nyui Ðoa Atsyɔ̃ Na Nyateƒe La: Míaƒe agbenɔnɔ nyuie le takpedua me ɖoa atsyɔ̃ na nyateƒe la. (Tito 2:10) Ne ƒuƒoƒo aɖe va teƒe aɖe eye wowɔa nu dzigbɔɖitɔe heɖea ameŋububu fiana la, nutoa me tɔwo dea dzesii. (Kol. 4:6) Esi alɔdzedɔwɔƒea teƒenɔlawo nɔ ɖoɖo wɔm kple amedzrodzeƒe aɖe le ƒe si va yi me la, woƒe asitsanyawo dzikpɔlaa gblɔ na nɔviawo be: “Edoa dzidzɔ na mí be míaxɔ miaƒe amewo ɖe míaƒe amedzrodzeƒea le ame siwo ƒomevi wonye ta. Woɖea nɔnɔme nyoameŋuwo fiana henyoa dɔme, eye wowɔa nu ɖe míaƒe dɔwɔlawo ŋu bubutɔe heléa be na míaƒe nuwo.”
6. Ne míedo awu le nɔnɔme nyui me le takpedua me la, aleke míate ŋu aɖo atsyɔ̃ na nyateƒe la?
6 Ne míede míaƒe akɔtagbalẽviwo la, menye ɖeko woɖea gbeƒã takpekpea henana vavala bubuwo dea dzesi mí ko o, ke enyea ɖaseɖiɖi na eteƒekpɔlawo hã. Ame siwo le takpedua me la akpɔe be ame siwo de akɔtagbalẽviwo la do awu le nɔnɔme nyui kpakple ŋuɖɔɖo me, menye abe esiwo bɔ ɖe xexea me, siwo ɖiaa ame nu ene o. (1 Tim. 2:9, 10) Eya ta ele be míade míaƒe akɔtagbalẽviawo ɣesiaɣi, eye míalé ŋku ɖe míaƒe awudodo kple dzadzraɖo ŋu nyuie ne míeyina takpedua me kple ne míetrɔ gbɔna aƒe me siaa. Ne míedo atakpui kple T-shirt yi teƒe mawo la, maƒo nu nyui tso mía ŋu o. Ele be míado awu le nɔnɔme nyui me ɣeawokatãɣi, ne gbadzaƒe aɖee woawɔ takpekpea le gɔ̃ hã. Ne míetiae be míaɖɔli awu ne míekpã le takpekpea hafi ayi aɖasrã mía xɔlɔ̃wo kpɔ alo ayi nuɖuƒe aɖe la, ele be míaɖo ŋku edzi be takpekpevalawo ko míegakpɔtɔ nye, eye mele be míado awu ɖewoɖewoe o.
7. Mɔ ka dzie míato ase vivi le Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔa me le takpekpea me?
7 Le Israel viwo ƒe ŋkekenyuiwo ɖuɣi la, wosea vivi le hadede tuameɖowo me kple wo nɔvi tadeagula siwo tso dukɔa kple xexea ƒe akpa bubuwo eye esia doa ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ. (Dɔw. 2:1, 5) Le nutome gã takpekpewo me la, lɔlɔ̃ si le míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me la ɖea dzesi amewo kpɔna. Zi geɖe la, míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa ƒe akpa sia si nyoa ame ŋu la wɔa dɔ ɖe eteƒekpɔlawo dzi. (Ps. 133:1) Le esi míadzo le takpekpewɔƒea le ŋdɔ me ayi aɖaƒle nuɖuɖu teƒe la, ɖe manyo ŋutɔ be míatsɔ ŋdɔnuɖuɖu sue aɖe ɖe asi avae eye míawɔ ɣeyiɣi sia ŋu dɔ atsɔ ate ɖe nɔvi siwo nɔ mía xa ŋu aɖo dze kpli wo oa?
8. Susu kawo tae wòle be míatsɔ mía ɖokuiwo ana faa awɔ dɔ ne míaƒe nɔnɔmeawo ɖe mɔ?
8 Míaƒe takpekpe siwo nɔa ɖoɖo nu hezɔna nyuie la wɔa nuku na eteƒekpɔlawo, vevietɔ ne wose be lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawoe wɔ dɔ sia dɔ. Ðe nèle klalo be yeatsɔ ‘ye ɖokui ake’ faa awɔ dɔ le takpekpea mea? (Ps. 110:3) Ƒome aɖewo me tɔwo katã tsɔa wo ɖokuiwo kena faa enuenue wɔa dɔwo tsɔ fiaa ale si kpekpeɖeŋunana le vevie la wo viwo. Ne ŋu kpea wò la, dɔwɔwɔ le takpekpewo mee nye mɔ nyuitɔ si dzi nàto anya vavala bubuwo. Nɔvinyɔnu aɖe de dzesii be: “To vovo na nye ƒomea me tɔwo kple xɔlɔ̃ ʋɛ aɖewo ko la, nyemenya ame geɖe le afi ma o. Gake esi mekpe asi ɖe dzadzɛnyenyedɔwɔlawo ŋu la, meva dze si nɔvi geɖewo. Mekpɔ dzidzɔ geɖe ŋutɔ!” Ne míena kpekpeɖeŋu le takpekpewo me la, xɔlɔ̃ yeyewo sua mía si eye esia nana míekpɔa dzidzɔ geɖe. (2 Kor. 6:12, 13) Ne mètsɔ ɖokuiwò na wɔ lɔlɔ̃nu faa dɔa kpɔ o la, bia miaƒe hamemetsitsiwo ne woagblɔ ale si nàwɔ adze na dɔ sia wɔwɔ na wò.
9. Aleke míakpe amewo be woava de takpekpea?
9 Kpe Ame Bubuwo Woava Se Nyateƒe La: Ne esusɔ kwasiɖa etɔ̃ míadze míaƒe takpekpea gɔme la, míawɔ dɔ tɔxɛ aɖe be míakpe amewo woava takpekpea. Hamewo adi be yewoakpe yewoƒe anyigbamamaa ɖo nyuie ale si yewoate ŋui be yewoakpe ame geɖewo. (Kpɔ aɖaka si nye “Aleke Míana Amekpegbalẽvi La?”) Ele be míatsɔ amekpegbalẽvi siwo katã susɔ la ava takpekpea. Takpekpea valawo adi be yewoazã esiawo atsɔ aɖi vomeɖase le takpedua me.
10. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖewo siwo ɖee fia be nu nyuiwo dona tso amekpekpedɔ si míewɔna ƒe sia ƒe la me?
10 Ðe amewo wɔna ɖe amekpekpe si míetsɔna yina na wo ƒe sia ƒe la dzia? Le takpekpe aɖe me la, anyinɔƒegbɔkpɔla aɖe kpe ɖe atsu kple asi aɖewo ŋu wokpɔ teƒe nɔ anyi. Wogblɔ nɛ be wona amekpegbalẽvia yewo eye “yewokpɔe be anye wɔna nyui aɖe.” Woku ʋu kilometa 340 kple edzivɔ sɔŋ va takpekpea! Kpɔɖeŋu bubue nye be, esi nɔvinyɔnu aɖe nɔ tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm la, ena amekpegbalẽvia ŋutsu aɖe si di vevie be yeanya nu tso takpekpea ŋu. Eya ta egbɔ dzi ɖi dzro nyatakaka siwo le amekpegbalẽvia dzi me kplii. Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe, esi nɔvinyɔnua nɔ takpekpea me la, ekpɔ ŋutsua kple exɔlɔ̃ aɖe; wolé agbalẽ yeye siwo woɖe ɖe go la dometɔ ɖeka ɖe asi!
11. Nu ka tae wòle vevie be míade míaƒe ƒe sia ƒe nutome gã takpekpea?
11 Ŋkekenyui siwo Israel viwo ɖuna la nye ɖoɖo si Yehowa wɔ lɔlɔ̃tɔe be wòakpe ɖe wo ŋu “[woasubɔ ye] blibo le nyateƒe me.” (Yos. 24:14) Nenema kee nutome gã takpekpe siwo míedena ƒe sia ƒe la kpena ɖe mía ŋu be ‘míayi edzi anɔ zɔzɔm le nyateƒe la me,’ eye enye míaƒe tadedeagu ƒe akpa vevi aɖe. (3 Yoh. 3) Neva eme be Yehowa nayra ɖe agbagba siwo nyateƒea lɔ̃lawo katã adze be yewoade takpekpea la dzi be wòaɖe vi na wo bliboe!
[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]
Míaƒe agbenɔnɔ nyuie le takpedua me ɖoa atsyɔ̃ na nyateƒe la
[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]
Ne esusɔ kwasiɖa etɔ̃ míadze takpekpea gɔme la, míakpɔ gome le dɔ tɔxɛ aɖe me be míakpe amewo woava takpekpea
[Aɖaka si le axa 6]
Aleke Míana Amekpegbalẽvi La?
Be míate ŋu akpe míaƒe anyigbamamaa ɖo la, ahiã be míaƒe nyawo nanɔ kpuie. Àte ŋu agblɔ be: “Ŋdi na wò. Míele amewo kpem le xexea me godoo kple amekpegbalẽvi sia. Meɖe kuku, tɔwòe nye esia. Àkpɔ nyatakaka bubuwo le amekpegbalẽvia dzi.” Dzo nenɔ mewò. Ne miele gome kpɔm le amekpegbalẽvi mama dɔa me le kwasiɖanuwuwu la, miate ŋu ana magazineawo hã ne ehiã.