Mɔnukpɔkpɔ Geɖe Wu Ʋu Ði Be Míakafu Yehowa
1. Ðoɖo yeye kae akpe ɖe mía ŋu ‘míakafu Yehowa’ geɖe wu?
1 March si va yi me la, míedze ɖoɖo yeye aɖe gɔme si ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na gbeƒãɖelawo be woatiae be yewoawɔ gaƒoƒo 30 ƒe kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe sia ƒe le March kple April me, kple ɣleti siwo me nutome sue dzikpɔla ava srã hamea kpɔ la hã me. Ne nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔa adze egɔme tso ɣleti aɖe ƒe nuwuwu age ɖe ɣleti si kplɔe ɖo me la, ekema gbeƒãɖelaa atia ɣleti eve siawo dometɔ si me wòadi be yeawɔ gaƒoƒo 30 ƒe kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le. Ame siwo le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔm la ate ŋu akpɔ gome le kpekpe blibo si nutome sue dzikpɔlaa awɔ kple mɔɖelawo la me. Esia fia be ne míate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ana gaƒoƒo 50 o hã la, míate ŋu awɔe azã gaƒoƒo 30 zi gbɔ zi ene le ƒea me atsɔ ‘akafu Yehowa’ geɖe wu!—Ps. 109:30; 119:171.
2. Nu kawo mee ame siwo awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔɣi ate ŋu ase vivi le?
2 Le Nutome Sue Dzikpɔla Ƒe Sasrãkpɔɣiwo: Fifia ame geɖe ate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔɣiwo ahase vivi le dzidedeƒo na ame nɔewo me to gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ kplii me. (Rom. 1:11, 12) Anɔ eme be kpekpeɖeŋu mɔɖela geɖe awɔ ɖoɖo axɔ ŋkeke ɖeka le dɔ me le kwasiɖaa me atsɔ azɔ kple nutome sue dzikpɔlaa. Ame siwo dea dɔ me le kwasiɖaa me la ate ŋu abia nutome sue dzikpɔlaa ne ate ŋu awɔ dɔ kpli wo le Memleɖagbe alo Kwasiɖagbe. Hekpe ɖe eŋu la, aleke gbegbe wòade dzi ƒo na kpekpeɖeŋu mɔɖelawo be woade kpekpe si wowɔna kple gbesiagbe mɔɖelawoe nye esi!
3. Nu ka tae Ŋkuɖodziɖuɣia nye ɣiyiɣi nyui aɖe si me míate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le?
3 Le March Kple April Me: Mɔnukpɔkpɔ agasu ame siwo wɔ gaƒoƒo 30 ƒe kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti ɖeka le Ŋkuɖodziɖuɣia le ƒe siwo va yi me la si fifia be woagadzi woƒe “kafukafuvɔsa” ɖe edzi. (Heb. 13:15) March kple April nye ɣleti siwo sɔ nyuie be míawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa atsɔ adzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi. Ƒe sia ƒe le ɣleti mawo me la, míewɔa amekpekpedɔ dodzidzɔname aɖe tsɔ miaa asi amewo be woade Ŋkuɖodzia kpli mí. Gakpe ɖe eŋu la, esi nɔvi geɖe kekea woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu le Ŋkuɖodziɖuɣia ta la, míate ŋu azɔ kple gbeƒãɖela vovovowo. Le Ŋkuɖodzia megbe la, míetrɔna yina ɖatua ame siwo de Ŋkuɖodzia ƒe ɖetsɔleme ɖo eye míedea dzi ƒo na wo be woava se dutoƒonuƒo tɔxɛa. Ðe wò dzi aʋã wò nàwɔ mɔnukpɔkpɔ siawo siwo ʋu ɖi na kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ la ŋu dɔ bliboea?—Luka 6:45.