INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/13 axa 1
  • Mawu Ƒe Nya La Nyo Na Nufiafia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Ƒe Nya La Nyo Na Nufiafia
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Na Mawu Ƒe Nufiafia Naɖe Vi Na Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Dzɔ Wò Tamesusu Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • ‘Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu Nava Eme’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 8/13 axa 1

Mawu Ƒe Nya La Nyo Na Nufiafia

1. Ƒe 2014 subɔsubɔƒea ƒe nutome sue takpekpea ƒe tanya ɖe, eye nyabiase kawo ŋue woaɖo le takpekpe ma me?

1 Míaƒe ‘Nufiala Gãtɔ’ Yehowa ye nye nufiala nyuitɔ kekeake le dziƒo kple anyigba. (Yes. 30:20, 21) Gake aleke Yehowa fiaa nu mí? Ena agbalẽ si ƒo bubu ɖe sia ɖe ta la mí—eyae nye eƒe Nya Biblia si tso gbɔgbɔ me. Aleke Mawu ƒe nufiafiawo ɖea vi na mí le ŋutilã me, le susu me, le seselelãme gome kple le gbɔgbɔ me? Woaɖo nya siawo ŋu le ƒe 2014 subɔsubɔƒea ƒe nutome sue takpekpea me. Takpekpea ƒe tanyae nye, “Mawu Ƒe Nya La Nyo Na Nufiafia,” si wotu ɖe 2 Timoteo 3:16 dzi.

2. Nyabiase kawo ƒe ŋuɖoɖowo mee takpekpea me nya veviawo adze le?

2 De Dzesi Nya Vevi Siawo: Takpekpea me nya veviwo adze le nyabiase siwo gbɔna ƒe ŋuɖoɖowo me:

• Ŋusẽ kae Mawu ƒe nufiafia kpɔna ɖe míaƒe agbe dzi? (Yes. 48:17, 18)

• Ne míedi be míatrɔ asi le míaƒe ɖoɖowo ŋu ale be míate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa la, nu ka dzie míate ŋu aka ɖo? (Mal. 3:10)

• Nu kae wòle be míawɔ ne wodo ‘nufiafia manyatalenuwo’ ɖe mía gbɔ? (Heb. 13:9)

• Aleke míate ŋu asrɔ̃ ‘ale si Yesu fia nui’? (Mat. 7:28, 29)

• Nu ka tae wòle be nufiala siwo le hamea me nafia nu wo ɖokuiwo? (Rom. 2:21)

• Mawu ƒe Nya la nyo na nu kawo wɔwɔ? (2 Tim. 3:16)

• Esi Yehowa le dukɔwo ‘ʋuʋum’ la, ŋusẽ ka kpɔm wòle ɖe amewo dzi? (Hag. 2:6, 7)

• Nu kae Yehowa ka ɖe mía dzi be míate ŋu awɔ? (Ef. 5:1)

• Nu ka tae wòle be míaʋli sesĩe ali ke ɖe Yehowa ƒe nufiafia me? (Luka 13:24)

3. Nu ka tae wòle vevie be míade takpekpe sia si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu ahalé to ɖe nyawo ŋu nyuie?

3 Le 2 Timoteo ta 3 ƒe gɔmedzedze, do ŋgɔ teti hafi Paulo nagblɔ nya siwo dzi wotu takpekpe sia ƒe ɖoɖowɔɖia ɖo la, eƒo nu tso ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ, siwo ava le ŋkeke mamlɛawo me ŋu. Egblɔ be: “Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo anɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖim ɖe edzi, woanɔ amewo kplɔm anɔ tatram, eye woanɔ woawo hã kplɔm anɔ tatram.” (2 Tim. 3:13) Aleke gbegbe wòle vevie nye esi be míaɖo to Mawu ƒe nufiafia ahawɔ ɖe edzi ale be woagakplɔ mí atrae o! Eya ta mina mí katã míaɖoe kplikpaa be míade takpekpe sia si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu eye míalé to ɖe nyawo ŋu nyuie.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe