INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/11 axa 3
  • ‘Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu Nava Eme’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu Nava Eme’
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔ Wò Dzitsinya Ta
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • ‘Nuɖuɖu Le Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzi’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Mawu Ƒe Nya La Nyo Na Nufiafia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Ðo To Nyuie Ne Nàsrɔ̃ Nu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 8/11 axa 3

‘Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu Nava Eme’

1. Ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si míade le ƒe 2012 subɔsubɔƒea me la ƒe tanya ɖe, eye nu ka tae wòsɔ be míadzro nyati sia me?

1 Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu tae wowɔ mí ɖo. (Nyaɖ. 4:11) Eya ta ne míesrɔ̃ nu tso Mawu ŋu hewɔ eƒe lɔlɔ̃nu o la, míate ŋu aɖo taɖodzinu si ta wowɔ mí ɖo la gbɔ o. Manɔ bɔbɔe abe ale si míesusui ene kura o, elabena ele na mí be míayi edzi awɔ avu kple didi si nɔa mía me be míawɔ ‘nu siwo ŋutilã la kple tamesusuwo di’ alo awɔ “dukɔwo ƒe lɔlɔ̃nu” la. (Ef. 2:3; 1 Pet. 4:3; 2 Pet. 2:10) Mawu ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee la, Abosam ate ŋu ‘alé mí agbagbee hena eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ.’ (2 Tim. 2:26) Ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si míade le ƒe 2012 subɔsubɔƒea me la ƒe ɖoɖowɔɖia akpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu be wòawɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple biabia etɔ̃lia si le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me; takpekpea ƒe tanyae nye “Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme.”—Mat. 6:9, 10.

2. Nyabiase kawoe ŋue woaɖo le takpekpea me?

2 Nyabiase Siwo Ŋu Woaɖo: Le takpekpea me la, àkpɔ nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo: Le Mawu ƒe Nya la sese megbe la, nu vevi bubu ka hãe wòle be míawɔ? Aleke míate ŋu ayi edzi akpɔ nu siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mí la adze sii? Nu ka tae wòle be míalɔ̃ faa be miakpe ɖe ame ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu? Aleke míawɔ akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me? Sɔhɛwo, kakaɖedzi kae wòle be miana Yehowa? Yayra kawoe dona tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me? Nu ka tae wòhiã kpata be míatu ame bubuwo ɖo ahade dzi ƒo na wo?

3. Nu kae míawɔ be gbɔgbɔmeɖoɖo sia naɖe vi na mí geɖe wu?

3 Wɔ wò ŋutete ɖe sia ɖe nàde takpekpea eye nàlé to ɖe nuƒoawo ŋu nyuie. Le takpekpea me la, Betel teƒenɔla alo dzikpɔla mɔzɔla aɖee anye nuƒola si woɖo ɖa godoo. Te ɖe eŋu faa nàɖo dze kplii, alo woa kple srɔ̃a, ne srɔ̃ le esi; àte ŋu awɔ esia do ŋgɔ na ɖoɖowɔɖia gɔme dzedze alo le kpakpã vɔ megbe. Ne ètrɔ yi aƒe me la, mègazu “nyasela si ŋlɔa nu be” o, ke boŋ mia kple wò ƒomea midzro nya siwo miese kple ale si miawɔ nuwo woawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu geɖe wu la me.—Yak. 1:25.

4. Nu ka tae wòle vevie be míana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanye nu vevitɔ na mí?

4 Eteƒe madidi o, woatsrɔ̃ ame siwo le woawo ŋutɔwo ƒe dzodzrowo yome tim, eye wogbe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ la katã. (1 Yoh. 2:17) Eya ta aleke gbegbee míeda akpe na Yehowae nye esi be etrɔ asi le nyatakaka siawo, siwo sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi la, ŋu be woakpe ɖe mía ŋu míana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanye nu vevitɔ na mí!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe