Nyati Si Akpe Ðe Mía Ŋu Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me
1. Taɖodzinu eve kawoe le nyati si ƒe tanyae nye, “Dzeɖoɖo Kple Aƒelika” ŋu?
1 Tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, nyati aɖe dzena le Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míemana me si ƒe tanyae nye, “Dzeɖoɖo Kple Aƒelika.” Taɖodzinu evee le nyati sia ŋu—be wòaɖe Biblia me nufiafiawo ɖe go le mɔ dodzidzɔname aɖe nu, eye be wòafia ale si míade ŋugble kple amewo aɖaŋutɔe le nyati aɖewo ŋu la mí. (1 Pet. 3:15) Aleke míate ŋu awɔ nyati sia ŋu dɔ nyuie?
2. Aleke míate ŋu azã nyati sia le gbeadzi?
2 Zãe Le Gbeadzi: Àte ŋu adzra Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo me nyati sia dze le la ƒe ɖewo ɖo. Ne aƒemenɔlaa, eɖanye ɖetsɔlemetɔ alo Biblia-nusrɔ̃vi wònye o, bia nya alo gblɔ nya aɖe be yeatsɔ atsi dzeɖoɖoa nu, eye wodzro nya ma me le nyati siawo dometɔ aɖe me la, tsɔ Gbetakpɔxɔ si me wòdze le la ɖeka nɛ, eye nàbiae ne alɔ̃ be yewoadzro eme. Ne Gbetakpɔxɔ si me nyatia dze le mele asiwò o la, àte ŋu awɔ eƒe kɔpi le jw.org dzi.
3. Aleke nàte ŋu adzro nyati sia me kple aƒemenɔla aɖe?
3 Aleke nàte ŋu adzro nyati sia me kple aƒemenɔlaa? Ame aɖewo kpea aƒemenɔlaa be wòaxlẽ aƒelikaa ƒe nyawo, ne yewo hã yewoaxlẽ Ðasefoa ƒe nyawo. Mɔnu sia zazã ɖea vi, elabena ekpena ɖe amea ŋu be wòade ŋugble tso míaƒe dzixɔsewo ŋu le dziɖeɖi me.—5 Mose 32:2.
4. Aleke míate ŋu azã nyati sia atsɔ ana hehe mía ɖokui?
4 Na Hehe Ðokuiwò Kple Ame Bubuwo: Ne èle nyati siawo xlẽm la, de dzesi ŋɔŋlɔ siwo wozã, kpɔɖeŋu siwo wowɔ kple mɔnu si wozã. De dzesi gbe si tɔgbi wotsɔ gblɔ nyawoe. Eye wò hã te mɔnu sia kpɔ le gbeadzi. (Lod. 1:5; 9:9) Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Nyati sia xexlẽ le abe hehexɔxɔ tso hati mɔɖela ‘bibi’ aɖe si nyaa nya si tututu wòle be wòagblɔ ɣesiaɣi la gbɔ ene!”
5. Aleke míate ŋu azã nyati sia atsɔ akpe ɖe míaƒe Biblia-nusrɔ̃vi ŋu wòadzra ɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu?
5 Àte ŋu azã nyati sia atsɔ akpe ɖe wò Biblia-nusrɔ̃vi ŋu wòadzra ɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu. Mixlẽ nyatia ɖe du, eye nàna nusrɔ̃via nawɔ gbeƒãɖelaa ƒe akpa dzi. To mɔ sia dzi la, Biblia-nusrɔ̃viwo asrɔ̃ ale si woaʋu woƒe xɔse me aɖaŋutɔe. (Kol. 4:6) Ɛ̃, nyati sia nye mɔ siwo dzi tom Yehowa le le kpekpem ɖe mía ŋu be míawɔ “subɔsubɔdɔ la de goe” dometɔ ɖeka.—2 Tim. 4:5.