Nyati Yeye Aɖe Si Míatsɔ Anɔ Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔme Dzem
1. Nyati yeye kae anɔ dzedzem le Gbetakpɔxɔ tata si míama me, eye alekee wotrɔ asi le eŋu?
1 Tso ɣleti si gbɔna dzi la, nyati yeye aɖe anɔ dzedzem le Gbetakpɔxɔ tata si míama me, si akpe ɖe mía ŋu le Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme dzedze me. Eƒe tanyae nye “Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me.” Togbɔ be anɔ eme be nyati sia ƒe tata ɖe sia ɖe xexlẽ ado dzidzɔ na ame aɖewo le anyigbamamaa me hã la, ɖe wotrɔ asi le eŋu koŋ be míadzro eme kple amewo.
2. Nu siwo anɔ nyati sia me la dometɔ aɖewo ɖe?
2 Nu Siwo Anɔ Nyati Sia Me: Woŋlɔ tanya la kple tanya sueawo wonye nyabiase siwo míabia aƒemenɔlaa le numedzodzroa me. Woyɔ mawunyakpukpui veviawo, ke womeŋlɔ wo me nyawo ɖi o, kple susu be aƒemenɔlaa nate ŋu axlẽ wo tẽe tso Mawu ƒe Nya la me. Memamawo le kpuie ale be míate ŋu adzro wo me le ʋɔtrua nu ke. Nyati ɖe sia ɖe xe susu yi Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa dzi ale be nàte ŋu atrɔ nusɔsrɔ̃a ayi eme le ɣeyiɣi si sɔ me.
3. Ne míele tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm la, alekee míate ŋu azã nyati yeye sia atsɔ adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme le ʋɔtrua nu?
3 Ale Si Míazãe: Ne èle magazineawo nam la, àte ŋu abia nya aɖe, si anyɔ ɖetsɔleme la aƒemenɔlaa ku ɖe nu si koŋ ŋu nyatia ku ɖo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nyati si le January 1 ƒe tataa me la dzro asixɔxɔ si le Biblia ŋu la me. Àte ŋu abia be: “Ðe nèbua Biblia be Mawu ƒe Nya ye wònyea, alo ɖe nèbunɛ be agbalẽ nyui aɖe ko wònye? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nyati dodzidzɔname aɖe le asinye ku ɖe nya sia ŋu.” He susu yi nyabiase gbãtɔ dzi, xlẽ memama gbãtɔ, eye ʋu mawunyakpukpui si woyɔ la nàxlẽ. Trɔ xlẽ nyabiasea ake, eye nàbia aƒemenɔlaa wòagblɔ eƒe susu. Zã nyabiase siwo ŋu woŋlɔ xexlẽdzesi ɖo la miatsɔ adzro memama agbɔsɔsɔme si ŋu nɔnɔmea ɖe mɔ ɖo la me. Hafi nàdzo le amea gbɔ la, tsɔ nyabiase si kplɔe ɖo la fiae, eye nàwɔ ɖoɖo aɖe koŋ kplii be nàtrɔ ayi egbɔ ne miadzro eme. Trɔ yi egbɔ kwasiɖa sia kwasiɖa nànɔ nyatia me dzrom kplii va de asi na esime nàtsɔ tata si kplɔe ɖo ayi nɛ. Mɔnu bubu si le tẽe si nàgate ŋu azã ye nye be nàdo Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe aƒemenɔlaa gbɔ tẽe. Eye nàzã magazinea me nyati sia atsɔ awɔ ale si míesrɔ̃a nu kple amewoe la afiae.
4. Alekee míate ŋu azã nyati sia ne míele tɔtrɔyiwo wɔm?
4 Àgate ŋu azã nyati yeye sia wòaɖe vi na ame si xɔa míaƒe magazineawo edziedzi kple ame bubu siwo gbɔ nàtrɔ ayi la. Àte ŋu agblɔ be: “Nyati yeye aɖe anɔ dzedzem le Gbetakpɔxɔ me fifia. Na mafia ale si nàte ŋu azãe la wò.” Enye míaƒe gbedodoɖa be nyati yeye sia nakpe ɖe ame geɖe wu ŋu be “nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.”—1 Tim. 2:4.