Ale Si Míadze Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔme Kple Ame Siwo Míena Magazine
1. Nu kae nye míaƒe taɖodzinu ne míele magazinewo nam?
1 Le Memleɖagbewo la, míenaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ke hã, esia nye afɔɖeɖe gbãtɔ le míaƒe taɖodzinu be míafia nyateƒea dzi anukwaretɔwo la gbɔ ɖoɖo me. Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ ale si míana Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa le tɔtrɔyi gbãtɔ wɔwɔ me ahadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. Àte ŋu atrɔ asi le dzeɖomɔnu siawo ŋu wòasɔ na wò anyigbamama, eye àte ŋu agblɔe le wò ŋutɔ wò nyagbewo me. Àte ŋu azã dzeɖomɔnu bubu ɖe sia ɖe si nèkpɔ be awɔ dɔ wu.
2. Aleke míate ŋu azã Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe ŋgɔdonyawo atsɔ adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔmee?
2 Zã Ŋgɔdonyawo: Ne ètrɔ yi la, àte ŋu agblɔ be: “Magazine siwo mena wò va yi la he susu yi Biblia dzi. Se nu si tae Biblia xexlẽ le vevie ɖo la ɖa.” Xlẽ Yesaya 48:17, 18; Yohanes 17:3; alo mawunyakpukpui bubu ɖe sia ɖe si asɔ la nɛ. Le esia megbe la, ne èƒo nu tso Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ŋu eye nètsɔ ɖeka de esi vɔ la, àte ŋu ayi dzeɖoɖoa dzi ale:
◼ “Biblia na etsɔme mɔkpɔkpɔ vavã aɖe mí.” Tsɔ axa 4 kple 5 fia aƒemenɔlaa, eye nàbiae be, “Ŋugbedodo siawo dometɔ ka me vavae ado dzidzɔ na wò?” He eƒe susu yi ta si dzro Ŋɔŋlɔawo me ŋugbedodo si wòtia la me dzi, eye miadzro memama ɖeka alo eve me kpuie nenye be eɖe mɔ.
◼ Alo àte ŋu agblɔ be, “Biblia ɖo agbe me nyabiase vevitɔ kekeakewo ŋu.” He eƒe susu yi axa 6 lia dzi, eye nàbiae be ebia nya siwo dze le axa ma ƒe memamawo te la dometɔ aɖe eɖokui kpɔ mahã. Ʋu agbalẽa ƒe ta si ɖo nyabiasea ŋu, eye miadzro memama ɖeka alo eve me kpuie.
◼ Alo àte ŋu atsɔ tanya aɖewo afiae le teƒe si emenyawo dze le ahabiae be tanyawo dometɔ kae do dzidzɔ nɛ mahã. Trɔ ɖe tanya ma ŋu, eye nàwɔ ale si míewɔa Biblia nusɔsrɔ̃ fiae.
3. Aleke míate ŋu adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme ne míena magazine si ƒo nu tso (a) ale si nɔnɔmeawo le gbegblẽm ɖe edzi le xexea me egbea ŋu? (b) ƒomea ŋu? (c) ale si kakaɖedzi le Biblia ŋui ŋu?
3 Gblẽ Nyabiase Aɖe Ði Le Yiyi Zi Gbãtɔ Me: Mɔnu bubu si míate ŋu azãe nye be míadzra aƒemenɔla ɖo ɖe tɔtrɔyi wɔwɔ ŋu le egbɔ yiyi zi gbãtɔ me. Ne aƒemenɔla xɔ magazineawo vɔ la, bia nya aɖee, eye nàgblɔ nɛ be yeava ɖo nya ma ŋu nɛ ne yetrɔ va. Dze agbagba miaɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ si nàtrɔ ayi, eye nàdze agbagba awɔ ɖe wò gamea dzi. (Mat. 5:37) Ne ètrɔ yi la, ɖo ŋku nyabiase si nègblẽ ɖe aƒemenɔlaa gbɔ la dzi nɛ, eye mixlẽ nyabiase ma ƒe ŋuɖoɖo tso Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me eye miadzro eme kpuie. Tsɔ agbalẽa ɖeka de asi nɛ ale be wòate ŋu akplɔ nuxexlẽa ɖo. Ale si míawɔ esia ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewoe nye esiwo gbɔna:
◼ Ne magazine si nèna la ƒo nu tso ale si nɔnɔmeawo le gbegblẽm ɖe edzi le xexea me ŋu la, àte ŋu agblɔ be, “Ne metrɔ va la, míadzro ale si Biblia ɖo nyabiase sia si nye, Tɔtrɔ kawoe Mawu ahe va anyigba dzi? ŋui la me.” Zã axa 4-5 ne ètrɔ yi. Alo àte ŋu abiae be, “Mawu ƒe lɔlɔ̃nue afɔku siwo dzɔna nyea?” Ne ètrɔ yi aƒemenɔlaa gbɔ la, tsɔ ta 1 ƒe memama 7 kple 8 lia fiae.
◼ Ne magazine si nèna la ku ɖe ƒomegbenɔnɔ ŋu la, hafi nàdzo le egbɔ la, àte ŋu abiae be, “Nu kae ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ bene dzidzɔ nanɔ ƒomea me?” Ne ètrɔ yi la, dzro ta 14 lia ƒe memama 4 lia me kplii.
◼ Ne magazine si nèna la ku ɖe ale si kakaɖedzi le Biblia ŋui ŋu la, àte ŋu abia nyabiase sia si me míava dzro la be: “Ðe Biblia wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya?” Ne ètrɔ yi la, dzro ta 2 lia ƒe memama 8 lia me kplii.
4. Nu kae wòle be míawɔ ne aƒemenɔla gbe Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa xɔxɔ?
4 Le numedzodzro ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, bia nya aɖe si me miava dzro le nusɔsrɔ̃ si akplɔe ɖo la me. Ne mienya ɖo Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme anyi ko la, srɔ̃ agbalẽa kplii le ɖoɖo nu tso ta gbãtɔ dzi va se ɖe ta mamlɛtɔ dzi. Ke ne aƒemenɔlaa gbe Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa xɔxɔ ya ɖe? Àte ŋu ayi edzi anɔ magazine namee ahanɔ Ŋɔŋlɔawo me numedzodzrowo wɔm kplii. Ðewohĩ ava tsɔ ɖe le Biblia sɔsrɔ̃ me esi nèyi edzi le eƒe ɖetsɔlemea tum ɖo.
5. Nu ka tae menye magazinewo ko míanɔ amewo nam o, ke boŋ míadze agbagba awɔ nu si yi ŋgɔ wu ema?
5 Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo ate ŋu ana ame nadi vevie be yeasrɔ̃ nu si tututue nye Biblia ƒe nufiafia. Eya ta dze agbagba vevie nàdze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kple ame siwo xɔa magazineawo. Ne míewɔnɛ alea la, ke míele wɔwɔm ɖe Yesu ƒe sedede siwo nye be ‘woawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, eye woafia nu wo’ la dzi.—Mat. 28:19, 20.