Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Na Biblia ƒe Nufiafia Gbalẽa
Nu Si Ta Wòle Vevie: Biblia ƒe Nufiafia gbalẽae nye dɔwɔnu si koŋ míezãna tsɔ fiaa nu amewo. Ke hã, hafi míate ŋu azãe atsɔ afia nu ame aɖe la, ele be míatsɔ ɖeka ana amea wòanye etɔ. Eya ta ele be mí katã míadze agbagba abi ɖe Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa nana amewo le gbeadzi me. (Lod. 22:29) Enana ƒe mɔnu vovovowoe li, eye ele be gbeƒãɖelawo natia esi ŋu dɔ woate ŋu awɔ nyuie.
Te Esia Kpɔ Le Ɣletia Me:
Miwɔ mɔnu siwo me míedzro la ƒe wɔwɔfia aɖewo le miaƒe ƒometadedeagu me.
Ne èle gbeadzi kple gbeƒãɖela aɖe la, gblɔ mɔnu si nèdi be yeazã la nɛ. (Lod. 27:17) Zã mɔnu bubu ne esi nèzã mewɔ dɔ o.