INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/13 axa 8
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 12/13 axa 8

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le January Me

“Míekpɔe be ame sia ame kple ale si wòbua Mawui. Ewɔna na ame aɖewo be ŋusẽ makpɔmakpɔ alo yaƒoƒo aɖe ko Mawu nye. Ame aɖewo hã bunɛ be enye Fofo lɔ̃ame si le dziƒo. Ke wò ya ɖe, aleke nèbua Mawui?” Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Tsɔ nyati si le January 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe megbekpaa dzi fiae; midzro numeɖeɖe si le nyabiase gbãtɔa te la me, eye miaxlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.

Gbetakpɔxɔ January 1

“Míeva gbɔwò be míaɖo dze tso nane si dzɔna ɖe mí katã dzi ŋu kpuie. Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be ne míaƒe ƒometɔ alo xɔlɔ̃ vevi aɖe ku la, edoa vevesese na mí eye wògbãa dzi na mí vevie oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Mawunyakpukpui sia fa akɔ na ame geɖe. [Xlẽ Yesaya 25:8.] Magazine sia dzro Biblia ƒe ŋugbedodo dedziƒoname si nye be, woava ɖe ku ɖa eye míaƒe ame vevi siwo ku agagbɔ agbe la me.”

Nyɔ! January

“Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be ƒomewo doa go kuxi geɖewo egbea oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia me lododo sia gblɔ nu si ƒomewo hiã be woatsɔ atu woƒe ƒomea ɖo ahado ŋusẽe. [Xlẽ Lododowo 24:3.] Ame geɖe de dzesii be Biblia nye nunyatsoƒe si ŋu kakaɖedzi le. Magazine sia ƒo nu tso Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe tɔxɛ si me nyawo wotu ɖe Biblia dzi kple nu vovovo siwo ŋu wotrɔ asi le be wòakpe ɖe ƒomewo ŋu woanɔ te ɖe kuxiwo nu la ŋu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe