Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le January Me
“Ame aɖewo xɔe se be Biblia nye agbalẽ si me nyagblɔɖi siwo dzi woate ŋu aka ɖo la le. Ame bubuwo susui be nu siwo adzɔ le etsɔme ŋuti nya siwo gɔme woate ŋu ase le mɔ vovovowo nu lae le eme. Nu kae nye wò susu?” Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Eyome tsɔ January 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ɖeka na aƒemenɔlaa; midzro numeɖeɖe si le tanya sue gbãtɔ si le axa 16 lia te la me ɖekae, eye miaxlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ la dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nɛ, eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava adzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.
The Watchtower January 1
“Nu geɖe li míate ŋu asrɔ̃ tso ŋutsu kple nyɔnu siwo nye ame vevi siwo nɔ anyi le blema la gbɔ. Èlɔ̃ ɖe edzia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Yakobo 2:23 ƒo nu tso ame vevi siawo dometɔ ɖeka, si ko woyɔ le Biblia me be ‘Mawu xɔlɔ̃’ la ŋu. [Xlẽe.] Magazine sia ɖe nu si tae Mawu bu Abraham exɔlɔ̃e kple nu si míate ŋu asrɔ̃ tso Abraham ƒe kpɔɖeŋua me la me.”
Awake! January
“Zãnuxɔxɔ kple anukwaremaɖimaɖi ƒe mɔnu bubuwo va bɔ le asitsatsa me egbea. Ame aɖewo susui be ele be ame nawɔ nu anukwaremaɖimaɖitɔe le asitsatsa me le mɔ aɖewo nu godoo hafi nu nadze edzi nɛ. Nu kae nye wò susu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Bu nya wɔdɔɖeamedzi si lododo sia gblɔ ŋu kpɔ. [Xlẽ Lododowo 20:17.] Magazine sia ɖe nu si tae wòsɔ be míaɖi anukware la me.”