Mèganye Zɔhɛ Si Zia Ðoɖoe Ko O
1. Aleke míate ŋu asrɔ̃ apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋu ne mía kple ame bubuwo míele gbeadzi?
1 Apostolo Paulo bu ɣeyiɣi si wòzã ɖe eƒe haxɔsetɔwo ŋu la be enye mɔnukpɔkpɔ be ‘yewoade dzi ƒo na yewo nɔewo.’ (Rom. 1:12) Ne wò kple gbeƒãɖela bubu miele gbeadzi la, ɖe nèwɔa ɣeyiɣi sia ŋu dɔ tsɔ dea dzi ƒo nɛ hekpena ɖe eŋua? Le esi nàzi ɖoɖoe ko teƒe la, ɖe manyo wu be nàgblɔ nu siwo kpe ɖe ŋuwò nèva zu gbeƒãɖela bibi nɛ oa?
2. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame si mía kplii míele gbeadzi ŋu be dzi naɖo eƒo, eye nu ka tae esia le vevie?
2 De Dzi Ƒo Nɛ: Etea ŋu dzena le gbeƒãɖela aɖewo ƒe mo kple woƒe gbe me be dzi mele wo ƒo o. Míate ŋu akpe ɖe wo ŋu dzi naɖo wo ƒo ne míekafua wo tso dzi me. Mɔ bubu kawo dzie míate ŋu ato ade dzi ƒo na wo? Nu si dzikpɔla mɔzɔla aɖe wɔna ye nye be, ne eya kple nɔvi aɖe wole gbeadzi la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ƒe vɔvɔ̃wo kple ale si wòdoa gbe ɖa zi gbɔ zi geɖe hebiaa Mawu ƒe kpekpeɖeŋu be wòate ŋu aɖu seselelãme mawo dzi la ŋu nɛ. Nɔviŋutsu bubu gblɔ nu si kpe ɖe eŋu dzi nɔ eƒo la ale: “Medzea egɔme kple alɔgbɔnukoko. Ɣeaɖewoɣi la, ehiãna be mado gbe ɖa hafi ate ŋu ako alɔgbɔnu.” Ðe nane kpe ɖe ŋuwò dzi le ƒowò geɖe wu le gbeadzia? Ðo dze tso eŋu na wò zɔhɛa.
3. Nu kawo ŋue míate ŋu aɖo dze tsoe na míaƒe zɔhɛ le gbeadzi be wòabi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me geɖe wu?
3 Ðo Dze Tso Mɔnu Siwo Nèzãna Ŋu: Ðe nya kpui aɖe alo nyabiase, si ɖewohĩ eku ɖe nutoa me nudzɔdzɔ aɖe ŋu, si nèzã tsɔ dze dzeɖoɖo gɔme la ɖe kpea? Ðe nètrɔ asi le kpɔɖeŋudzeɖonya aɖe ŋu vie ale be nu nyuiwo do tso emea? Gblɔe na wò zɔhɛa. (Lod. 27:17) Ne miele mɔ dzi yina tɔtrɔyi aɖe wɔ ge la, àte ŋu aɖo dze tso taɖodzinu si gbɔ nàdi be yeaɖo kple ale si nàwɔ aɖo egbɔ la ŋu. Le Biblia sɔsrɔ̃ kple wò nusrɔ̃vi megbe la, gblɔ nu si tae nèhe susu yi nya aɖe koŋ dzi, nu si tae nètia mawunyakpukpui alo nufiafiamɔnu aɖe tsɔ kpɔ nusrɔ̃via ƒe hiahiãwo gbɔ ɖo.
4. Nu ka tae wòle be míakpe ɖe nyanyuigblɔla bubuwo ŋu?
4 Menye kpekpe ɖe dzimaxɔsetɔwo ŋu me koe ƒe alafa gbãtɔ me nyanyuigblɔlawo tsɔ ɖe le vevie o. Wokpɔ ale si wòle vevie be woade dzi ƒo ahado ŋusẽ wo nɔewo hã dze sii. (Dɔw. 11:23; 15:32) Apostolo Paulo na hehe ɖekakpui Timoteo eye wòde dzi ƒo nɛ be wòagblɔ nu siwo wòsrɔ̃ la na nɔvi bubuwo. (2 Tim. 2:2) Ne míewɔ nyui na mía nɔvi Kristotɔwo le gbeadzi la, menye ɖeko míedzia woƒe dzidzɔ ɖe edzi henana wobina ɖe edzi wu o, ke esia dzea mía Fofo si le dziƒo hã ŋu.—Heb. 13:15, 16.