Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Nye Zɔhɛ Nyui
Nu Si Ta Wòle Vevie: Yesu nya ale si wòle vevie be míazɔ kple ame aɖe le gbeadzi. Eya ta esi wòdɔ nusrɔ̃la 70 ɖo ɖe eŋgɔ be woaɖe gbeƒã la, edɔ wo eveveve. (Luka 10:1) Ne gbeƒãɖela aɖe do go nɔnɔme sesẽ aɖe alo menya ale si wòaɖo nya aɖe ŋu na aƒemenɔlaa o la, eƒe zɔhɛ ate ŋu akpe ɖe eŋu. (Nyagb. 4:9, 10) Zɔhɛa ate ŋu agblɔ eƒe nuteƒekpɔkpɔwo na gbeƒãɖelaa alo aɖo aɖaŋu aɖewo nɛ ɣeaɖewoɣi be wòagabi ɖe nya nyuia gbɔgblɔ me. (Lod. 27:17) Agate ŋu ade dzi ƒo na nɔvia to dze tuameɖowo ɖoɖo ne wotso aƒe aɖe me yina bubu me.—Flp. 4:8.
Te Esia Kpɔ Le Ɣletia Me:
Ne miekpã le gbeadzi la, gblɔ nu si wò gbeadzizɔhɛa wɔ alo nya si wògblɔ si ɖee fia be enye zɔhɛ nyui la nɛ.