He “Nu Nyuiwo” Ðe Go To Amedzrowɔwɔ Dzi (Mat. 12:35a)
Ðikekemanɔmee la, mí katã míedina be míana “nu nyui” siwo le mía si la amewo to “amedzrowɔwɔ” dzi. (Rom. 12:13) Hamemetsitsiwo xɔa ŋgɔ kpɔa egbɔ be woawɔ amedzro na nuƒola siwo wokpe eye woaxe ʋudzɔ na wo. Gake mía dometɔ aɖewo ate ŋu ahe ɖe megbe le amedzrowɔwɔ ŋu le esi nu mede mía dzi o, alo míetsi dzi ɖe ale si míawɔ adze amedzroa ŋu la ŋu ta. Ne míewɔ ɖe aɖaŋu si Yesu ɖo na Marta dzi la, akpe ɖe mía ŋu míaɖu seselelãme mawo dzi. (Luka 10:39-42) Ete gbe ɖe edzi be amedzrowɔwɔ ƒe “nyuia gome” ye nye hadede kple dzidede ƒo na ame nɔewo, ke menye nuɖuɖu kpeɖii alo xɔ si me woɖo atsyɔ̃ na o. Ne mí katã míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi la, míate ŋu ana “nu nyuiwo” mía nɔviwo, le Mawu ƒe Nya la nu.—3 Yoh. 5-8.