INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/15 axa 2
  • Srɔ̃ Nu Tso Gbeƒãɖela Bibiwo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Srɔ̃ Nu Tso Gbeƒãɖela Bibiwo Gbɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nàte Ŋu Ana Woade Gbeadzi Kpli Wòa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Na Dzo Nanɔ Mewò Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Ale Si Nàfia Gbeƒãɖeɖe Ame Yeyewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Na Hehe Gbeƒãɖela Yeyewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
km 6/15 axa 2

Srɔ̃ Nu Tso Gbeƒãɖela Bibiwo Gbɔ

Míedea asixɔxɔ gbeƒãɖela kpɔnuteƒe siwo le hamea me ŋu. Wo dometɔ aɖewo le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖee nye esia. Nɔvi bubu aɖewo hã tu ŋutete nyui aɖewo ɖo le ƒe ʋɛ siwo va yi me. Gbeƒãɖela siawo kpɔ ale si Yesu le mɔ fiam Kristo hamea le ŋkeke mamlɛ siawo me esi wòna gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa le ta kekem. (Mat. 28:19, 20) Le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, wonaa “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la wo ne wole nɔnɔme sesẽwo kple dodokpɔwo me tom. (2 Kor. 4:7) Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso gbeƒãɖela bibi siawo gbɔ. Ne míawo ŋutɔ míeɖe mɔ na wo la, adzɔ dzi na wo be yewoafia nu nyui siwo yewosrɔ̃ la mí. (Ps. 71:18) Eya ta ele be míadi ɣeyiɣi asrɔ̃ nu tso wo gbɔ. Aleke míate ŋu awɔ esia?

Le Subɔsubɔdɔa Me: Be gbeƒãɖela yeyewo alo esiwo mekpɔ nuteƒe boo o nabi ɖe subɔsubɔdɔa me la, wohiã hehe. Woate ŋu asrɔ̃ nu geɖe ne woléa ŋku ɖe ale si gbeƒãɖela bibiwo wɔa gbeƒãɖeɖedɔae ŋu. (Kpɔ nyati si nye “Na Dzo Nanɔ Mewò Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu,” si dze le February 15, 2015 ƒe Gbetakpɔxɔ me, ƒe memama etɔ̃lia le tanya sue si nye “Kpe Ðe Gbeƒãɖela Yeyewo Ŋu” te.) Aleke dɔwɔwɔ kple gbeƒãɖela bibi siawo ɖe vi na wòe?

Ðe nàte ŋu awɔ ɖoɖo mia kple gbeƒãɖela bibi aɖe miazɔ le gbeadzia? Ne gbeƒãɖelaa tsi teƒe ɖeka la, àte ŋu akplɔ wò Biblia nusrɔ̃vi ayi egbɔ ɣeaɖewoɣi ne wòakpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me. Eyome nàbiae be aleke wòkpɔ nusɔsrɔ̃a, eye aɖaŋu aɖewo le esi wòaɖo na ye mahã?

Wɔ Ðoɖo Nàde Ha Tuameɖo Kpli Wo: Ne èdea ha kple gbeƒãɖela bibiwo la, esia ana nàdze si wo nyuie. Kpe wo dometɔ ɖeka va miaƒe ƒometadedeagu wɔƒe eye miabia gbee. Ne gbeƒãɖelaa tsi teƒe ɖeka la, ɖe miate ŋu awɔ ɖoɖo ayi aɖawɔ ƒometadedeagua le eƒe mea? Mibiae ne wòagblɔ ale si wòke ɖe nyateƒea ŋu. Yayra kawoe wòkpɔ? Dzidziɖedzi kawo teƒe wòkpɔ? Nu kae na wòle dzidzɔ kpɔm le Yehowa subɔsubɔ me?

Da sɔ eye nàse nu gɔme na nɔvi siawo. Nunana vovovowoe le gbeƒãɖela kpɔnuteƒe siawo si abe míawo ke ene. (Rom. 12:6-8) Wo dometɔ aɖewo tsi eye esia ate ŋu awɔe be womate ŋu anɔ gbeadzi didi o. Ke hã míate ŋu asrɔ̃ nu nyui aɖewo tso wo gbɔ le esi nuteƒekpɔkpɔ geɖe su wo si le Yehowa subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe me ta.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe