Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Na Hehe Gbeƒãɖela Yeyewo
Nu Si Tae Wòle Vevie: Ele be Yesu ƒe nusrɔ̃la yeyewo nasrɔ̃ ale si woawɔ “nu siwo katã” ƒe se wòde la dzi, siwo dome nufiafia ame bubuwo hã le. (Mat. 28:19, 20) Ame yeye geɖe dze heŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me xoxo, eye anɔ eme hã be woɖia vomeɖase na ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo. Ke hã esi woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu siwo srɔ̃m wole la ŋu le dzidzim ɖe edzi, eye wova de dzesii be Yehowa di be amewo katã nase nya nyuia ta la, woadi be yewoakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. (Rom. 10:13, 14) Ne woda asi ɖe ame yeyewo dzi be woazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo la, hehe nyui si woana wo akpe ɖe wo ŋu be dzi nanɔ wo ƒo esi wole ŋgɔ yim hele afɔ siwo hiã ɖem be woatsi le gbɔgbɔ me.—Luka 6:40.
Te Esia Kpɔ Le Ɣletia Me:
Wò kple wò nusrɔ̃vi si zu gbeƒãɖela yeye la, miwɔ dɔ ɖekae tso aƒe yi aƒe me, eye nàkplɔe miaɖawɔ tɔtrɔyi loo alo Biblia nusɔsrɔ̃ aɖe. Ne Biblia nusrɔ̃vi aɖeke mele asiwò alea o la, kpe gbeƒãɖela yeye aɖe wòawɔ dɔ kpli wò.