Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
Akpa 10: Hehe Nana Nusrɔ̃viwo le Aƒeme yi Aƒeme Subɔsubɔdɔa Me
1 Ne hamemegãwo kpɔ be Biblia-nusrɔ̃vi aɖe dze asubɔ abe gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ ene la, woate ŋu aɖe mɔ nɛ be wòadze hahoo gbeƒãɖeɖedɔa gɔme kple hamea. (Kpɔ Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ, axa 79-81.) Aleke míate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòanɔ te ɖe gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme ƒe gbetɔamewo nui?
2 Dzadzraɖo Ðekae: Naneke meli si axɔ ɖe dzadzraɖo nyuie teƒe o. Fia nusrɔ̃via afisi wòakpɔ dzeɖonyawo le, le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ kple Reasoning-gbalẽa (alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii) me, eye nàkpe ɖe eŋu be wòatia dzeɖonya siwo le bɔbɔe eye wosɔ na miaƒe anyigbamama. De dzi ƒo nɛ tso gɔmedzedzea me ke be wòazã Biblia le subɔsubɔdɔa me.—Tim. II, 4:2.
3 Dzeɖonyaa ƒe wɔwɔfia wɔwɔ zi gbɔ zi geɖe kple gbeƒãɖela yeyea aɖe vi nɛ ŋutɔ. Ne mia kple nusrɔ̃via miele dzeɖonyaa me tom la, fiae alesi wòaɖo nya siwo miedoa goe edziedzi le miaƒe nutoa me ŋu le ŋuɖɔɖɔɖo me. (Kol. 4:6) Ka ɖe dzi nɛ be mehiã be subɔla Kristotɔwo nanya nya ɖesiaɖe si aƒemenɔla abiae ƒe ŋuɖoɖo godoo o. Zi geɖe la, anyo be woagblɔ be yewoava wɔ numekuku tso eŋu, eye be yewoayi numedzodzroa dzi ne yegatrɔ va.—Lod. 15:28.
4 Gbeƒãɖeɖe Ðekae: Zi gbãtɔ si nusrɔ̃via akpɔ gome le tso aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me la, na wòalé ŋku ɖe alesi nèzã dzeɖonya si miedzra ɖo ɖekae la ŋu. Emegbe na eya hã nakpɔ gome le eme. Ɣeaɖewoɣi la, anyo be gbeƒãɖela yeyea nagblɔ dzeɖonyaa ƒe akpa aɖe ko, abe mawunyakpukpui aɖe xexlẽ kple emeɖeɖe ene. Nusrɔ̃via ƒe amenyenye kple eƒe ŋutete nanɔ susu me na wò. (Fil. 4:5) Nɔ ekafum esime nèle hehe namee vivivi le gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa vovovoawo me.
5 Ele vevie be nàkpe ɖe nusrɔ̃vi yeyea ŋu be wòaɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi koŋ na gbeadzi dede, ne wòanya wɔ la, le kwasiɖa ɖesiaɖe me. (Fil. 3:16) Wɔ ɖoɖo ɖe ɣeyiɣi aɖe ŋu koŋ be nàzɔ kplii le gbeadzi eye nàde dzi ƒo nɛ be wòazɔ kple nɔvi bibi bubuwo hã le gbeadzi. Hadede kple nɔvi siawo kple woƒe kpɔɖeŋuwo akpe ɖe eŋu be wòabi le gbeƒãɖeɖedɔa me eye wòakpɔ dzidzɔ le tso aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me.